Criação
A criação revela a glória de Deus. Céus, terra, mares e tudo o que existe testemunham o poder criador. No princípio Deus criou — e tudo era muito bom.
No princípio
No princípio criou Deus os céus e a terra. O Espírito de Deus pairava sobre as águas. E Deus disse: haja luz.
Le gɔmedzedzea me la, Mawu wɔ dziƒo kple anyigba. Anyigba nɔ nyamaa, nɔnɔme aɖeke meli nɛ o. Ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la dzi, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ agba sam le tsia dzi.
Mawu gblɔ be, "Mina míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme me, wòaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple nu gbagbe siwo katã tana le anyigba dzi la dzi."
Ale Mawu wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me.
Mawu ƒe nɔnɔme me wòwɔ ame ɖo;
ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.
Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòwɔe kɔkɔe, elabena eyae nye ŋkeke si dzi wòdzudzɔ xexea me wɔwɔ le.
Yehowa Mawu gblɔ be, "Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la nɛ."
O poder criador
Pela palavra do Senhor foram feitos os céus. Tudo foi criado por Ele e para Ele — o visível e o invisível.
Yehowa ƒe nya wotsɔ wɔ dziƒowoe,
eye eƒe numegbɔgbɔ wotsɔ wɔ wo ŋuti nuwoe.
Hafi towo nava dzɔ,
alo hafi nàwɔ anyigba kple xexea me,
tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, wò koe nye Mawu.
Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu nɛ,
eye mina míadze klo ɖe
Yehowa, mía Wɔla la ƒe ŋkume.
Mewu mo dzi ɖe togbɛawo ŋu,
afi ka nye xɔname atso ava?
Nye xɔname atso Yehowa,
ame si wɔ dziƒo kple anyigba la gbɔ.
Míaƒe xɔname le Yehowa,
dziƒo kple anyigba Wɔla la gbɔ.
Esia nye ŋkeke si Yehowa wɔ,
mina míakpɔ dzidzɔ, atso aseye le eme.
Elabena wòe wɔ nye ememe ke;
eye nèlém ƒo ƒu ɖe danye ƒe dɔ me.
Mekafu wò, elabena èwɔm ŋɔdzitɔe kple nukutɔe.
Wò dɔwɔwɔwo nye nukunu,
menya esia nyuie.
Criador e Sustentador
O Deus eterno não se cansa nem se fatiga. Dele, por Ele e para Ele são todas as coisas — a Ele seja a glória.
Ɖe mènyae oa? Ɖe mèsee oa?
Yehowae nye Mawu mavɔtɔ la.
Eyae nye anyigba ƒe seƒe ke Wɔla.
Ɖeɖi metea eŋu alo nu tia kɔ nɛ o.
Eƒe nugɔmesese goglo.
Ame aɖeke mate ŋu adzro eme akpɔ o.
"Baba na ame si le dzre wɔm kple eƒe Wɔla.
Ame si lé nɛ ko abe ze le ze bubuwo dome le anyigba ene.
Ɖe anyi abia zemela be,
‘Nu ka mem nèle mahã?’
Ɖe wò dɔ si wɔm nèle la,
abia be, ‘Asi mele asiwò oa?’
"O, Aƒetɔ Yehowa, wòe tsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple wò abɔ si le dzi la wɔ dziƒo kple anyigbae. Naneke mesesẽ na wò akpa o.
Ame si tu nɔƒe kɔkɔwo ɖe dziƒonutowo me,
eye wòɖo woƒe agunu ɖe anyigba dzi,
ame si lɔ atsiaƒutsi, eye wòtrɔe ɖe anyigba katã dzi.
Yehowae nye eƒe ŋkɔ.
Elabena Mawu gbɔ ko nu sia nu tsona.
Nu sia nu le agbe le eya ko ƒe ŋusẽ ta,
eye nu sia nu li na eƒe ŋutikɔkɔe.
Ŋutikɔkɔe nanye etɔ tegbee! Amen.
Elabena tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me la, Mawu ƒe nɔnɔme siwo womekpɔna kple ŋku o, esiwo nye eƒe ŋusẽ mavɔ kple eƒe mawunyenye la me kɔ na wo ƒãa. Wose esia gɔme to eƒe nuwɔwɔwo me, be taflatsedodo naganɔ ame aɖeke si o.
Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã tsɔ dzigbɔɖi kple mɔkpɔkpɔ le Mawu viwo ƒe ɖeɖefia la lalam.
Nova criação
Se alguém está em Cristo, nova criatura é. O Criador faz novas todas as coisas — na natureza e na redenção.
Eya ta ne ame aɖe xɔ Kristo la, enye nuwɔwɔ yeye; nu xoxowo nu va yi, "kpɔ ɖa!" nuwo katã zu yeye.
Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo míenye, ame siwo wowɔ le Kristo Yesu me hena dɔ nyuiwo wɔwɔ, dɔ siwo Mawu dzra ɖo ɖi na mí be míawɔ la.
Enye eƒe lɔlɔ̃nu be wòadzi mí to nyateƒe ƒe nya la me, ale be míanye eƒe nuwɔwɔwo katã ƒe kutsetse gbãtɔ.
Elabena aƒe ɖe sia ɖe la, ame aɖee tsoe, gake Mawue nye nu sia nu wɔla.
‘Eya mee míele agbe le, eye míeʋãna le, eye míele.’ Abe ale si miaƒe hɛnɔ aɖe gblɔe ene be, ‘Míawoe nye Mawu viwo.’
Esia megbe la, mese nu gbagbe siwo katã le dziƒo, anyigba dzi, anyigba te, atsiaƒu me kpe ɖe nu siwo katã nɔ wo me la ŋuti nɔ ha dzim be,
"Alẽvi si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la tɔe
nye kafukafu, bubu, ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ,
tso mavɔ me yi mavɔ me!"