Incentivo
A Bíblia é fonte inesgotável de incentivo. Em cada página, Deus nos encoraja a não temer, a perseverar e a confiar que Ele está conosco e é maior que qualquer adversidade.
Deus é por nós
Se Deus é por nós, quem será contra nós? O Senhor fortalece, sustenta e guia seus filhos em cada batalha e desafio.
Míewu dziɖulawo
Nu ka gɔ̃ míagblɔ tso nu siawo ŋu? Ne Mawu le mía dzi la, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu?
eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò.
Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu.
Mali ke wò, eye makpe ɖe ŋuwò;
matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé wò ɖe te.
gake ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la
ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me.
Woadzo ayi dzi abe hɔ̃wo ene.
Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o.
Woazɔ azɔli, gake nu mati kɔ na wo o.
Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya, ame si doa ŋusẽm la me.
Misẽ ŋu! Dzi nanɔ mia ƒo! Migavɔ̃ o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la anɔ kpli mi. Mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ mi ɖi hã o."
elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔ wòna mi.
Esperança e perseverança
A tribulação produz perseverança, a perseverança produz caráter, e o caráter produz esperança que não decepciona.
Ke menye esia ɖeɖe ko o, ke boŋ míeƒoa adegbe le míaƒe fukpekpewo me hã, elabena míenya be fukpekpe dzia dzidodo; ke dzidodo dzia kelili, eye kelili dzia mɔkpɔkpɔ. Ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o, elabena wotrɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ kɔ ɖe míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si wona mí la me.
Eya ta dzi megaɖe le mia ƒo o, elabena miaƒe dzideƒo ahe fetu geɖe vɛ na mi.
Mègavɔ̃ na fukpekpe siwo ava dziwò la o. Abosam ade mia dometɔ aɖewo gaxɔ me le ŋkeke siawo me be woate mi kpɔ. Woati mia yome ŋkeke ewo si nye ɣeyiɣi kpui aɖe. Nɔ nuteƒewɔwɔ dzi va se ɖe ku me gɔ̃ hã, eye mana agbefiakuku wò.
Megblɔ nu siawo katã na mi be miakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexe sia me la, miato fukpekpe geɖewo me, gake milé dzi ɖe ƒo, elabena meɖu xexea me dzi."
Esia ta ɖeɖi metea mía ŋu o, eye míana ta o. Togbɔ be míaƒe ŋutilãwo le gbɔdzɔgbɔdzɔm hã la, ŋusẽ si tso Aƒetɔ la gbɔ, eye wòle mía me la le tsitsim ɖe edzi gbe sia gbe. Xaxa kple fuwɔame siwo katã le mía dzi vam fifia la nu gbɔna yiyi ge kpuie, eye le esia teƒe la, Mawu ana eƒe yayrawo kple ŋutikɔkɔe si ƒo nuwo katã ta la mí ɖaa. Susu sia ta míetsɔa míaƒe ŋkuwo dana ɖe nu siwo kpɔm míele fifia la dzi o, ke boŋ míetsɔa míaƒe ŋkuwo dana ɖe nu siwo míekpɔna o la dzi, elabena nu siwo wokpɔna la nu mesena yina o, ke nu siwo womekpɔna o la nɔa anyi tegbee.
Yesu gabiae be, "Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko."
Deus cuida de nós
Entrega o teu caminho ao Senhor. Lança sobre Ele as tuas ansiedades, porque Ele tem cuidado de nós diariamente.
Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa ƒe asi me;
ɖo dzi ɖe eŋu, eye awɔ esia na wò.
Ŋutsu si ƒe mɔwo dze Yehowa ŋu la,
elia ke eƒe afɔɖeɖewo;
ne ekli nu hã la, madze anyi o
elabena Yehowa tsɔ eƒe asi lée ɖe te.
Tsɔ wò dzimaɖiwo da ɖe Yehowa dzi, eye akpɔ tawò,
elabena mana ame dzɔdzɔe la nadze anyi akpɔ gbeɖe o.
Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam.
Nyemavɔ̃ na ame akpe nane siwo ho,
ɖe to ɖem godoo la o.
Futuro e promessas
Eu sei os planos que tenho para vocês — planos de paz e não de mal, para dar-lhes futuro e esperança.
Yehowa be, menya ɖoɖo siwo mewɔ ɖe mia ŋu, mewɔ ɖoɖo be nu nadze edzi na mi, menye mawɔ vɔ̃ mi o, be mana mɔkpɔkpɔ mi eye ŋu nyui aɖe hã nake na mi.
Yehowa wò Mawu la li kpli wò,
kalẽtɔ si ate ŋu axɔ na wò lae wònye.
Akpɔ dzidzɔ gã aɖe ɖe ŋuwò,
atsɔ eƒe lɔlɔ̃ afa akɔ na wò,
eye wòado dzidzɔ na wò kple hadzidzi."
Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ be, "Esia mele bɔbɔe le amegbetɔwo gome o, ke naneke mesesẽna na Mawu ya o."
Gake abe ale si woŋlɔe ɖe Mawu ƒe nya me ene be,
"Nu si ame aɖeke mese kpɔ alo nu si ame,
aɖeke mesusu ɖe ta me kpɔ gbeɖe o la,"
eya tututue Mawu dzra ɖo ɖi na ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ la.
Sama ɖeka tɔ ɖe bligble la titina eye wòxɔe hewu Filistitɔwo. Yehowa na wòɖu dzi gã aɖe.