Palavras de conforto
Deus é o Deus de todo conforto. Ele consola os que choram, restaura os quebrantados e promete que a dor presente dará lugar à alegria eterna.
O Deus de toda consolação
Bendito seja o Deus e Pai de nosso Senhor Jesus Cristo, Pai das misericórdias e Deus de toda consolação, que nos consola em todas as tribulações.
Woakafu Mawu, ame si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, nublanuikpɔkpɔ Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu la, ame si fa akɔ na mí le míaƒe xaxawo katã me, ale be míawo hã míate ŋu afa akɔ na ame siwo le xaxa me kple akɔfafa si míawo ŋutɔ míexɔ tso Mawu gbɔ.
Woakafu Mawu, ame si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, nublanuikpɔkpɔ Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu la, ame si fa akɔ na mí le míaƒe xaxawo katã me, ale be míawo hã míate ŋu afa akɔ na ame siwo le xaxa me kple akɔfafa si míawo ŋutɔ míexɔ tso Mawu gbɔ. Abe ale si Kristo ƒe fukpekpewo gena ɖe míaƒe agbe mee ene la, nenema ke to Kristo me míaƒe akɔfafa hã gbã goe. Ne míexaxa la, miawo ƒe akɔfafa kple ɖeɖe tae; ke ne wofa akɔ na mí la, miawo ƒe akɔfafa tae. Esia dea dzigbɔgbɔ blewuu mia me be miawo hã mietea ŋu kpea fu siwo miekpena. Míaƒe mɔkpɔkpɔ na mi li ke goŋgoŋgoŋ, elabena míenya be abe ale si miekpɔ gome le míaƒe fukpekpewo me ene la, nenema ke miakpɔ gome le míaƒe akɔfafa hã me.
Abe ale si Kristo ƒe fukpekpewo gena ɖe míaƒe agbe mee ene la, nenema ke to Kristo me míaƒe akɔfafa hã gbã goe.
Elabena menyɔ ŋu alo do vlo
ame siwo le fu kpem la ƒe hiãtuame o;
meɣla eƒe mo ɖee o,
ke boŋ eɖo to eƒe ɣlidodo na kpekpeɖeŋu.
Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ,
eye wòɖea ame siwo ƒe gbɔgbɔ wogbã ƒu anyi.
Promessas de restauração
Deus sarará o quebrantado de coração e atará as suas feridas. Quem semeia em lágrimas, colherá com júbilo.
Eda gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu,
eye wòbla woƒe abiwo na wo.
Elabena medoa dɔmedzoe eteƒe didina o,
ke eƒe amenuveve ya nɔa anyi agbenɔɣi katã.
Avifafa anɔ anyi le zã me,
gake aseyetsotso ava le ŋdi me.
Mawue nye míaƒe sitsoƒe kple ŋusẽ,
xɔnametɔ si li ɖaa kpli mí le xaxawo me.
Tsɔ wò dzimaɖiwo da ɖe Yehowa dzi, eye akpɔ tawò,
elabena mana ame dzɔdzɔe la nadze anyi akpɔ gbeɖe o.
Ŋlɔ nye konyifafa da ɖi;
lé nye aɖatsiwo ɖe agbalẽ dzi;
ɖe womele wò nyaŋlɔɖiwo me xoxo oa?
Yehowa nye sitsoƒe na ame siwo wote ɖe anyi
kple mɔ sesẽ le xaxaɣiwo.
Yehowa nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ.
Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso.
Eyae nye nye akpoxɔnu kple ɖeɖe
ƒe ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ.
Paz e descanso
Jesus disse: 'Vinde a mim, todos os cansados e sobrecarregados, e eu vos aliviarei.' A paz de Deus que excede todo entendimento guarda o coração.
Agbagbadzelawo kpekpe
"Mite va gbɔnye, mi ame siwo ŋu ɖeɖi te, eye agba le mia wum la, eye nye la mana miadzudzɔ.
Agbagbadzelawo kpekpe
"Mite va gbɔnye, mi ame siwo ŋu ɖeɖi te, eye agba le mia wum la, eye nye la mana miadzudzɔ. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu le gbɔnye, elabena mefa, mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miaƒe luʋɔwo agbɔ ɖe eme,
Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo hã le konyi fam la,
elabena woafa akɔ na mi!
Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi. Nye ŋutifafa metsɔ na mi. Menye xexea me tɔ ƒomevi o. Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o, eye migavɔ̃ o.
Megblɔ nu siawo katã na mi be miakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexe sia me la, miato fukpekpe geɖewo me, gake milé dzi ɖe ƒo, elabena meɖu xexea me dzi."
Nenema ke wòle na miawo hã fifia: Fifia la, miaxa nu, gake magakpɔ mi, eye miakpɔ dzidzɔ, eye ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ o.
Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe kpakple akpedada gblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu.
Eye Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo nugɔmesesewo katã ta la adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe susuwo ŋu le Kristo Yesu me.
Esperança eterna
Deus enxugará toda lágrima. A dor presente é momentânea, mas a glória futura é eterna. O Senhor transforma luto em dança.
Tete mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, "Kpɔ ɖa, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome azɔ, eye wòanɔ wo gbɔ. Woanye eƒe dukɔ, Mawu ŋutɔ anɔ wo gbɔ, eye wòanye woƒe Mawu. Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo dzi; ku alo konyifafa alo avifafa alo vevesese maganɔ anyi o, elabena nuɖoanyi xoxoawo nu va yi."
Ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la gblɔ be, "Mele nuwo katã wɔm yeyee!" Tete wògblɔ be, "Ŋlɔ nu sia da ɖi, elabena nya siawo nye nya siwo dzi woaka ɖo, eye wonye nyateƒenyawo hã."
Eya ta mele gbe dom ɖa ɖe mi ame siwo menye Yudatɔwo o la ta be Mawu, ame si naa mɔkpɔkpɔ mi la, nana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ mia me le esi miexɔ edzi se la ta. Mele gbe dom ɖa be Mawu nakpe ɖe mia ŋu be mɔkpɔkpɔ le Mawu me nagbã go le mia me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ si le mia me la me.
Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la.
eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò.
Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu.
Mali ke wò, eye makpe ɖe ŋuwò;
matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé wò ɖe te.
Yehowa ƒe dɔmenyo ƒe ƒe
Aƒetɔ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye,
elabena Yehowa si ami nam,
be magblɔ nyanyui la na ame dahewo.
Edɔm ɖa be mayɔ dɔ ame siwo ƒe dzi gbã.
Maɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo,
eye woaɖe ga gamenɔlawo tso viviti me;
ne maɖe gbeƒã.
Yehowa ƒe dɔmenyo ƒe ƒe la
kple míaƒe Mawu la ƒe hlɔ̃biaŋkeke,
eye mafa akɔ na konyifalawo.
Edɔm be mana nu Zion ƒe nuxalawo,
ne maɖɔ atsyɔ̃fiakuku na wo ɖe dzofi teƒe,
dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ami ɖe nuxaxa teƒe,
kafukafu ƒe awu ɖe gbɔgbɔ
si bu mɔkpɔkpɔ teƒe.
Woayɔ wo be dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo,
ati siwo Yehowa ŋutɔ do,
be yeatsɔ aɖe yeƒe bubu afiae.
Abe ale si vi dada faa akɔe na via ene la,
nenema mafa akɔ na mi,
eye woafa akɔ na mi le Yerusalem ta."
Nunca sozinhos
Deus nunca nos abandona. Ele está ao nosso lado em cada vale, segura nossa mão e promete que o choro não durará para sempre.
Mègavɔ̃ o, elabena Yehowa adze ŋgɔ na wò, anɔ kpli wò, mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ wò ɖi hã o."
Mite mia ɖokuiwo ɖa xaa tso galɔlɔ̃ gbɔ, eye nu si le mia si la nedze mia ŋu, elabena Mawu gblɔ be,
"Nyemaɖe asi le mia ŋu akpɔ o,
eye nyemagblẽ mi ɖi akpɔ gbeɖe o."
Yehowa nyo, elabena enye sitsoƒe le xaxa me!
Eléa be na ame si xɔa edzi sena.
Yehowa wò Mawu la li kpli wò,
kalẽtɔ si ate ŋu axɔ na wò lae wònye.
Akpɔ dzidzɔ gã aɖe ɖe ŋuwò,
atsɔ eƒe lɔlɔ̃ afa akɔ na wò,
eye wòado dzidzɔ na wò kple hadzidzi."
Yehowa be, menya ɖoɖo siwo mewɔ ɖe mia ŋu, mewɔ ɖoɖo be nu nadze edzi na mi, menye mawɔ vɔ̃ mi o, be mana mɔkpɔkpɔ mi eye ŋu nyui aɖe hã nake na mi.
Eya ta ne ame aɖe xɔ Kristo la, enye nuwɔwɔ yeye; nu xoxowo nu va yi, "kpɔ ɖa!" nuwo katã zu yeye.
Eya ta ame siwo kpea fu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu la netsɔ wo ɖokuiwo de asi na wo Wɔla nuteƒetɔwɔla la, eye woayi nu nyui wɔwɔ dzi.
Eya ta azɔ la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, wòakɔ mi ɖe dzi. Mitsɔ miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã da ɖe eya amea dzi, elabena eléa be na mi.
Ne mezɔ to ku ƒe balime si do viviti tsiɖitsiɖi hã la,
nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o,
elabena wòe le gbɔnye, eye wò lãkplɔti
kple atikplɔ faa akɔ nam.
Nu ɖeka mebia Yehowa,
esiae nye be manɔ Yehowa ƒe aƒe me
le nye agbemeŋkekewo katã me,
ne malé ŋku ɖe Yehowa ƒe nyonyo ŋu,
eye madii le eƒe gbedoxɔ me.
Elabena le xaxaɣiwo la,
atsyɔ nu dzinye le eƒe nɔƒe la me;
aɣlam ɖe eƒe agbadɔ ƒe bebeƒe,
eye wòakɔm aɖo agakpe kɔkɔ aɖe dzi.
Esiae nye nye akɔfafa le nye fukpekpe me,
be wò ŋugbedodo ɖe nye agbe.
Edoa ɖokuibɔbɔlawo ɖe dzi
eye wòkɔa ame siwo le nu xam la
dana ɖe dziɖeɖi me.
Yesu gblɔ na wo be, "Nyateƒe gblɔm mele na mi be ame siwo katã gblẽ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖi le lɔlɔ̃ si wotsɔ nam ta, eye be yewoakaka mawunya ta la, woakpɔ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖe eteƒe zi geɖe kple yometiti le agbe sia me. Gake le agbe si gbɔna me la, woakpɔ agbe mavɔ.
Mabia Fofo la, wòaɖo nyaxɔɖeakɔla bubu ɖe mi, ame si nye nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ, be wòanɔ anyi kpli mi yi ɖe mavɔ me. Xexea me mate ŋu axɔ nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ la o, elabena mekpɔnɛ alo dzea sii o. Ke miawo la, mienyae, elabena ele mia me, eye wòanɔ anyi kpli mi. Nye la, nyemagblẽ mi ɖi abe tsyɔ̃eviwo ene o, matrɔ ava mia gbɔ.