Pular para o conteúdo
Publicidade

Preservação das escrituras

Por Bíblia Online

A Palavra de Deus permanece para sempre. As Escrituras foram preservadas por Deus ao longo dos milênios para instrução, consolação e guia de todas as gerações.

A Palavra eterna

Céus e terra passarão, mas as palavras de Deus jamais passarão. Sua Palavra é eterna, infalível e imutável — a verdade que sustenta tudo.

"Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo anɔ anyi ɖaa.

Vavã mele egblɔm na mi be zi ale si dziƒo kple anyigba li la, ŋɔŋlɔ suetɔ kekeake alo nu suetɔ si wotsɔ nuŋlɔti ŋlɔe la, mabu le se la me o va se ɖe esime woawu nu sia nu nu,

Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna,

ke miaƒe Mawu ƒe nya nɔa anyi tegbee."

Elabena,

"Amegbetɔwo katã le abe gbe ene,

eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene,

gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, gena,

ke Aƒetɔ la ƒe nya la nɔa anyi yi ɖe mavɔ me."

Ke esiae nye nya si wogblɔ na mi la.

Elabena wogbugbɔ mi gadzi, menye tso ku gbegblẽ me o, ke boŋ tso ku magblẽmagblẽ me, to Mawu ƒe nya si le agbe, eye wònɔa anyi tegbetegbe la me. Elabena,

"Amegbetɔwo katã le abe gbe ene,

eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene,

gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, gena,

ke Aƒetɔ la ƒe nya la nɔa anyi yi ɖe mavɔ me."

Ke esiae nye nya si wogblɔ na mi la.

A inspiração divina

Toda Escritura é inspirada por Deus. Homens santos falaram da parte do Senhor, e a Palavra escrita é a expressão fiel da vontade divina.

Gawu la, ele be miase egɔme be nyagblɔɖi aɖeke mele mawunya me si va eme to Mawu ƒe gbeƒãɖela la ŋutɔ ƒe nyameɖeɖe me o. Elabena nyagblɔɖi ƒe dzɔtsoƒe metso amegbetɔ ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ ame xɔa gbe tso Mawu gbɔ abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene.

Vi la wu mawudɔlawo

Le blema la Mawu ƒo nu na mia fofowo zi geɖe to vovovowo dzi to Nyagblɔɖilawo dzi. Ke le ŋkeke mamlɛtɔ siawo me la, eƒo nu na to Via si wòtia be wòanye nuwo katã ƒe domenyila la dzi, ame si dzi wòto xexea me. Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu ̃wo ɖa la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo.

Nya la trɔ zu ŋutilã va mía dome, eye eƒe agbe fũu kple amenuveve kple nyateƒe la. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la ƒe Vi ɖeka ̃ɔ la .

Eye menya esia be nu sia nu si Mawu la, tɔtrɔ aɖeke meganɔa eŋu o, womate ŋu atsɔ naneke akpee o eye womate ŋu aɖe naneke le eme o. Mawu ƒe taɖodzinu le nya sia mee nye be ele be amegbetɔ navɔ̃ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la.

A Palavra como guia e tesouro

A Palavra de Deus é lâmpada para os pés, espada do Espírito e tesouro para o coração. Guardá-la e meditá-la nos protege do pecado.

Meɣla nya ɖe nye dzi me,

be nyemawɔ nu ̃ ɖe ŋuwò o.

Dziƒo ɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go,

eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwo.

Tso ŋkeke yi ŋkeke, wole Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kafum,

eye tso yi ,

wole eƒe gãnyenye ɖem fia.

Nuƒoƒo alo gbegbɔgblɔ aɖeke meli

si me womese woƒe gbe le o.

Woƒe gbe ɖina le anyigba dzi afi sia afi,

eye woƒe nyawo dea xexea me ƒe mlɔenu ke ̃ .

Etu agbadɔ ɖe dziƒowo na ɣe,

eye wòle abe ŋugbetɔsrɔ̃e le go dom tso eƒe agbadɔ me ene.

Ele abe duƒula si le dzidzɔ kpɔm be wòalé eƒe atsɔ ene.

Ɣe dzena tso dziƒo ƒe go ɖeka dzi,

eye wòzɔna yia go kemɛ dzi,

naneke meɣla ɖe eƒe dzoxɔxɔ o.

Yehowa ƒe se la de blibo,

enaa agbegbɔgbɔ luʋɔ!

Yehowa ƒe ɖoɖowo le eteƒe,

eye wonana bometsilawo dzea nunya.

Yehowa ƒe mɔwo dzɔ,

wonana dzi kpɔa dzidzɔ.

Yehowa ƒe sewo me ,

wonana ame dzea nunya.

Kpɔtsɔtsɔ mele Yehowa ƒe nyawo ŋuti o,

wole abe klosalo si wololo le anyikpo me,

eye wòdza zi gbɔ zi adre la ene.

Ame ̃ɖiwo zɔna le ablɔɖe me,

eye wodea bubu yakanuwɔwɔwo ŋu le amegbetɔwo dome.

Ke nya ka wògblɔ? "Nya la tsɔ ɖe gbɔwò kpuie; ele nu me, eye wòle dzi me ." Esia nye xɔse si ŋu míele gbeƒã ɖem le la.

Ke xɔse vana na ame to nyanyui la sese me, eye nyanyui la tsoa Mawu ƒe nya me vana. Ke mele biabiam be: Ɖe womese nya la o mahã? Ɛ̃, vavãe, wosee:

"Wogblɔ nyanyui la le anyigba ƒe akpa sia akpa,

eye woƒe nyawo de xexea me ƒe seɖoƒe ke.

Ele be nu siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me gbe aɖe gbe ke la nafia dzigbɔɖi , eye woade dzi ƒo na , ale be míanɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Mawu aɖu nu ̃ kple ku dzi la.

Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele be nàbu se siwo mele nawòm egbe la ŋu ɣe sia ɣi. Ele be nàkui ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me alo ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple fɔfɔɣi abe nu gbãtɔ ene le ŋdi me. Tsi wo ɖe asibidɛ ŋu abe dzesi ene, bla wo ɖe ŋgonu, eye nàŋlɔ wo ɖe ʋɔtrutiwo ŋu le aƒe me!

be mianya be Kristo ƒe lɔlɔ̃ sia ƒo gɔmesesewo katã ta, be Mawu ƒe agbɔsɔsɔ la katã nayɔ mi fũu.

Esia nyo, eye wòdze Mawu mía Ɖela la ŋu. Edi vevie be ame sia ame nakpɔ ɖeɖe, eye wòase nyateƒe sia gɔme be:

Seja o primeiro