Woyɔ mí be míanɔ kɔkɔe
13 Eya ta midzra miaƒe tamesusuwo ɖo hena afɔɖeɖe, miɖu mia ɖokuiwo dzi, mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ katã da ɖe amenuveve si woana mi ne woɖe Yesu Kristo fia la dzi. 14 Abe vi ɖotowo ene la, migadze ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃ siwo nɔ mia me, esi mienɔ agbe le numanyamanya me la yome o, 15 ke boŋ abe ale si ame si yɔ mi la le kɔkɔe ene la, miawo hã minɔ kɔkɔe le nu sia nu si miewɔna la me, 16 elabena woŋlɔ ɖi be, "Minɔ kɔkɔe elabena nye la mele kɔkɔe."