Pular para o conteúdo
Publicidade

Samuel 1 1:5,8,11,23,27,28

5 Ke enaa lã la ƒe akpa eve Hana ya elabena togbɔ be elɔ̃e hã la Yehowa tu eƒe vidzidɔ. 8 Srɔ̃a Elkana bianɛ be, "Hana, nya kae na nèle avi fam? Nu ka ŋuti nègbe nuɖuɖu? Nu ka ŋuti nèle nu xam ale? Ɖe nyamewu viŋutsu ewo na wò oa?"

11 eye wòɖe adzɔgbe na Yehowa be, "O Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ne àkpɔ wò dɔla ƒe nublanuitɔnyenye dzi ɖa, aɖo ŋku dzinye eye màŋlɔ wò dɔla be o, ke boŋ nànae viŋutsu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me eye talũhɛ maka eƒe ta ŋu o."

23 Elkana lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be, "Enyo; wɔ nu sia nu si nèkpɔ be edze. Woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu."

Ale Hana nɔ aƒe me va se ɖe esime Samuel dzudzɔ nonono. 27 Meɖe kuku nɛ be wòana ɖevi siam eye wòna nu si mebiae lam. 28 Eya ta mele ɖevi la tsɔm na Yehowa azɔ le eƒe agbemeŋkekewo katã me." Ale Hana gblẽ ɖevia ɖe afi ma le Agbadɔ la me na Yehowa.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.