Pular para o conteúdo
Publicidade

Samuel 1 17:4,33,37,40,45,49

4 Aʋakalẽtɔ aɖe si ŋkɔe nye Goliat, ame si tso Gat do go tso Filistitɔwo ƒe asaɖa me. Ŋutsu sia ƒe kɔkɔme anɔ mita etɔ̃.

33 Saul ɖo eŋu nɛ be, "Màte ŋu ayi ado go kple Filistitɔ sia, awɔ aʋa kplii o. Wò la ɖevi ko nènye ke eya le aʋa wɔm tso eƒe ɖekakpuime ke."

37 Yehowa, ame si ɖeam tso dzata kple sisiblisi ƒe fewo kple aɖuwo me la, kee aɖem tso Filistitɔ sia hã si me!"

40 Tete wòtsɔ eƒe atizɔti ɖe asi eye wotia kpe zɔzrɔ̃e atɔ̃ tso tɔʋu la me hetsɔ wo de alẽkplɔlawo ƒe akplo me eye wòtsɔ eƒe aŋetu ɖe asi hezɔ ɖe Filistitɔ la dzi.

45 David do ɣli gblɔ na Filistitɔ la be, "Wò la, ègbɔna gbɔnye kple yi, akplɔ nuevee kple akplɔ nuɖekɛ, gake nye la, megbɔna gbɔwò le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Aʋakɔwo ƒe Mawu la ame si ŋu nèɖe alɔme le la ƒe ŋkɔ me.

49 Eƒo asi ɖe eƒe alẽkplɔgolo la me, tsɔ kpe ɖeka de eƒe aŋetu la me eye wòdae. Kpe la dze Goliat, Filistitɔ la ƒe ŋgonu sesĩe eye wòŋɔe ge ɖe eme. Goliat mu dze anyi gbloo hetsyɔ mo anyi.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.