Hana ƒe gbedodoɖa
1 Hana do gbe ɖa be,
"Nye dzi le aseye tsom le Yehowa me;
le Yehowa me nye dzo de dzi bobobo.
Nye nu ʋu ɖe nye futɔwo ŋu
eye medzɔ dzi le wò ɖeɖe la me.
2 "Ame aɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o!
Bubu aɖeke megali o kpe ɖe ŋutiwò o.
Eye Agakpe aɖeke meli abe míaƒe Mawu ene o.