Pular para o conteúdo
Publicidade

Samuel 1 21:10-15

David le Gat

10 David ɖe abla dzo elabena enɔ vɔvɔ̃m na Saul eye wòyi Fia Akis gbɔ le Gat. 11 Ke David ƒe afi ma nɔnɔ medzɔ dzi na Akis ƒe aʋakplɔlawo o. Wobia be, "Menye eyae nye Israel ƒe kplɔla gã la oa? Menye eya ŋue ameawo dea bubui le woƒe ɣeɖuƒewo henɔa ha dzim bena,

" ‘Saul wu akpe

eye David wu akpewo’ oa?"

12 David se nya siawo eye wòvɔ̃ nu si Gat fia Akis ate ŋu awɔe. 13 Ale wòwɔ eɖokui abe tsukunɔ ene! Ete fli ɖe ʋɔtruwo ŋu eye wòna ade do tso eƒe nu me hetsyɔ ɖe eƒe ge me. 14 Fia Akis gblɔ na eƒe subɔlawo be, "Mikpɔ ame sia ɖa! Ele tsu kum! Nu ka tae miekplɔe vɛ nam ɖo? 15 Tsukunɔ ƒe koe si le wɔyem tae miekplɔ ame sia vɛ be woava anɔ nu siawo ƒomevi wɔm le nye ŋkutaa? Ɖe wòdze be miakplɔ ame sia ƒomevi va nye aƒe mea?"

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.