7 Ale Saul gblɔ na eƒe subɔlawo be, "Midi nyɔnu aɖe si nye ŋɔliyɔla la nam, ale be mayi egbɔ aɖabia nu."
Dɔlawo gblɔ nɛ be, "Ŋɔliyɔla aɖe le Endor."
15 Samuel bia Saul be, "Nu ka ta nèɖe fu nam heyɔm vɛ?"
Saul ɖo eŋu be, "Elabena meɖo xaxa gã aɖe me. Filistitɔwo gaho aʋa ɖe mía ŋu, ke Mawu gblẽm ɖi eye meɖo nya aɖeke ŋu to nyagblɔɖilawo dzi loo alo to drɔ̃ekuku me o. Eya ta meva yɔ wò be nàgblɔ nu si mawɔ la nam."