Publicidade

1 Tessalonicenses 2

Paulo ƒe dɔwɔwɔ le Tesalonika

1 Nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo ŋutɔ mienya ale si míaƒe mia gbɔ vava ɖe vi na mie. 2 Mienya ale si wowɔ funyafunya kple ale si míekpe fu le Filipi hafi va ɖo mia gbɔ la . Ke Mawu na dzideƒo tɔxɛ , be míagblɔ nyanyui ma ke na mi, togbɔ be futɔwo ƒo xlã ̃ . 3 Eya ta miakpɔe adze sii be míele mawunya gblɔm ɖe didi ̃wo alo tameɖoɖo ̃wo ta o, ke boŋ míele egblɔm le anukwareɖiɖi kple dzitsinya nyui me, 4 elabena míawo la míele nya la gblɔm abe dɔla siwo tso Mawu gbɔ, ame siwo wòtsɔ nyanyuie la de asi na la ene; eya ta míetrɔ eƒe nya la ƒe akpa aɖeke be wòasɔ ɖe nyaselawo ƒe didi nu o elabena míawo la, míesubɔa Mawu ɖeka ̃ɔ si dzroa amewo ƒe dzimesusuwo ƒe gogloƒe ke me. 5 Abe ale si mienya nyuie ene la, míedze agbagba zi ɖeka kpɔ be míahe mi va mía gbɔe to mia nu beble me o, eye Mawu ŋutɔ nya be menye ɖe míebua be míenye mia xɔlɔ̃wo ale be miana ga o. 6 Míebia kafukafu tso miawo alo ame bubu aɖeke gbɔ kpɔ o; evɔ abe Kristo ƒe apostolowo ene la, míedze na bubu tɔxɛ tso mia gbɔ hafi. 7 Le esia teƒe la, míegbɔ dzi ɖi na mi abe ale si vi dada gbɔa dzi ɖi doa nuɖuɖu na viawo, eye wòléa be na wo ene.

8 Míelɔ̃ mi vevie, eye míaƒe lɔlɔ̃ la de to ale gbegbe be míetsɔ Mawu ƒe nyanyui la ɖeɖe ko na mi o, ke boŋ míetsɔ míawo ŋutɔ ƒe agbe ̃ kpe ɖe eŋuti na mi. 9 Nɔvi lɔlɔ̃awo, mieɖo ŋku ale si míewɔ kple kutrikuku geɖe le mia dome la dzi oa? kple keli míewɔa kple kutrikuku, eye míetea fifia be míate ŋu akpɔ nu anɔ agbe ɖe eŋuti, ale be míaganye agba na ame aɖeke le afi ma esi míele Mawu ƒe nyanyui la gblɔm le mia dome o. 10 Miawo ŋutɔ kple Mawu siaa mienye ɖasefowo na be míenɔ agbe dzadzɛ, agbe kɔkɔe kple agbe si ŋu mokaka mele o la le mia dome. 11 Ɖe mieɖo ŋku edzi be, míeƒoa nu na mi abe ale si fofo ƒoa nu na viawoe la ene oa?

12 Míeɖea kuku na mi, dea dzi ƒo na mi, eye kura ̃ la, míedina tso mia si be miaƒe agbenɔnɔ naganye nuɖiaɖia na Mawu o, ke boŋ wòahe dzidzɔ na eya ame si va eƒe fiaɖuƒe la me be míakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe la me.

13 Eye míadzudzɔ akpedada na Mawu ɖe esia ta o, elabena esi míegblɔ nyanyui la na mi la, miebu nya la abe nya siwo míawo ŋutɔ míesusu la ene o, ke boŋ miexɔe abe Nya si tso Mawu ŋutɔ gbɔ la ene, eye le nyateƒe me eya ŋutɔ gbɔe wòtso, eya ta esi miexɔe se la, etrɔ miaƒe agbenɔnɔ. 14 Nɔvi lɔlɔ̃awo, esia yomedzenue nye be miawo miekpe fu abe ale si Mawu ƒe hame siwo le Yudea le Yesu Kristo me la kpee ene. Miawo ŋutɔ miaƒe dukɔmetɔwo ti mia yome abe ale si woawo kpe fu tso woawo ŋutɔ ƒe amewo, Yudatɔwo ƒe asi me ene. 15 Esi wowu woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo la, woklã Aƒetɔ Yesu ̃ ɖe atitsoga ŋuti, eye azɔ la, woti míawo yome kutɔkutɔe henya do goe le dua me. Wotsi tsitre ɖe Mawu kple amegbetɔ siaa ŋuti, 16 eye wole agbagba dzem be woaxe na ne míagagblɔ nya la na ame siwo menye Yudatɔwo o, ɖe vɔvɔ̃ be wo dometɔ aɖewo akpɔ ɖeɖe ta. Ale ame siawo ƒe nu ̃wo gale tsitsim ɖe edzi. Mlɔeba la, Mawu ƒe dziku va wo dzi azɔ.

Paulo ƒe didi vevi be yeaɖakpɔ Tesalonikatɔwo ɖa

17 Nɔvi lɔlɔ̃awo, esi míedzo le mia gbɔ le ɣeyiɣi kpui si va yi me la (míaƒe dziwo ya medzo le mia gbɔ o), míedze agbagba ɖe sia ɖe be míagava kpɔ mi ɖa, gake mete ŋu dze edzi o. 18 Edzro vevie ŋutɔ be míava mia gbɔ, eye nye, Paulo, medze agbagba zi geɖe be mava, gake Satana meɖe na o. 19 Nu ka ̃ míele agbe na? Nu kae na mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ , eye wònye míaƒe fetu vavã kple fiakuku la? Miawoe! Ɛ̃, miahe dzidzɔ geɖe na , ne katã míetsi tsitre ɖe míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkume, ne etrɔ va, 20 elabena miawoe nye míaƒe ŋutikɔkɔe kple dzidzɔ.

Veja também

1 Tessalonicenses
Ver todos os capítulos de 1 Tessalonicenses
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-