Pular para o conteúdo
Publicidade

Tesalonikatɔwo 1 4:13-18

Le Aƒetɔ la ƒe vava ŋuti

13 Nɔviwo, nyemedi be mianɔ numanyamanya me le ame siwo ku la ŋu alo miaxa nu abe ame bubu siwo si mɔkpɔkpɔ mele o la ene o. 14 Míexɔe se bena Yesu ku, eye wògatsi tsitre, eya ta míexɔe se bena Mawu afɔ ame siwo dɔ alɔ̃ le Yesu me la kple Yesu. 15 Le Aƒetɔ la ŋutɔ ƒe nya nu la, míele egblɔm na mi be mí ame siwo gale agbe, ame siwo asusɔ va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vavagbe la mado ŋgɔ na ame siwo ku la o. 16 Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ aɖi tso dziƒo ava kple gbeɖeɖe gã aɖe kple mawudɔla gãtɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi, eye ame siwo ku le Kristo me la afɔ gbã. 17 Le esia megbe la, woakɔ mí ame siwo gale agbe le ɣe ma ɣi la ayi dzi kpli wo le lilikpowo dzi be míayi aɖado go Aƒetɔ la le yame. Ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ tegbetegbe, 18 eya ta mitsɔ nya siawo fa akɔe na mia nɔewo.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

1 Tessalonicenses
Ver todos os capítulos de 1 Tessalonicenses