23 (Megale nu ƒom dadatɔe abe ame si ƒe tagbɔ da ene.) Wobe Kristo ƒe subɔlawo yewonyea? Gake mesubɔa Kristo wu wo katã, eye mewɔ dɔ wu wo elabena le Kristo ta wodem gaxɔ me zi geɖe, woƒom kutɔkutɔe, eye ɣe aɖewo ɣi gɔ̃ hã la, medea tsiẽƒe gagbɔna. 24 Yudatɔwo ƒom zi atɔ̃ sɔŋ eye le ƒoƒo ɖe sia ɖe me la, woƒom zi blaetɔ̃-vɔ-asiekɛ. 25 Romatɔwo hã ƒom zi etɔ̃ kple gakawo, eye woƒu kpem zi ɖeka. Menɔ tɔdziʋu me wògbã zi etɔ̃ sɔŋ; ɣe aɖe ɣi gɔ̃ hã la, mege dze atsiaƒu me, eye menɔ atsiaƒu gbana la me zã ɖeka kple ŋkeke ɖeka. 26 Mezɔ mɔ didi teɖeɖiameŋu geɖewo, eye nye agbe ɖo xaxa me le tɔɖɔɖɔ, fiafitɔwo, Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo ta. Le nyateƒe me la, meto dzɔgbevɔ̃ewo me le afi sia afi si mede la, le du gãwo me, gbedzi kple ƒu dzi siaa. Nenema ke ame siwo be yewonye nɔviwo le Kristo me, evɔ mele eme nenema o hã do ŋɔdzi na nye agbe. 27 Le dɔwɔwɔ fũu ta la, ɖeɖi tea ŋunye, eye metsi zãdomadɔlɔ̃e zi geɖe. Dɔ kple tsikɔ wuam zi geɖe. Dɔƒe hã menɔa asinye o, eye le zã me la, vuvɔ wɔam, elabena avɔ titri menɔ asinye o. 28 Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, metsina dzodzodzoe enuenu tso hamewo ƒe tsitsi ɖe edzi ŋuti. 29 Ne ame aɖe le hame aɖe me si gbɔdzɔ la, etena ɖe dzinye, eye nye hã megbɔdzɔna enumake eye ne hamevi aɖe wɔ nu vɔ̃ eye wòdze anyi la, enana be nuxaxa yɔa nye dzi me.
30 Azɔ ne medi be maƒo adegbe la, ɖeko maƒoe le nu siwo nana be ŋusẽ mele ŋunye o la ŋu.