Publicidade

2 Coríntios 2

1 Ke azɔ la, nye ŋutɔ meɖoe be nyemagava mia gbɔ kple nu si agahe nuxaxa na mi o, 2 elabena ne megade nuxaxa miaƒe dzi me la, miate ŋu ado dzidzɔ nam ne mele mia gbɔ o. Evɔ ame bubu aɖeke meli si ado dzidzɔ nam tsɔ wu miawo o. 3 Esia ta meŋlɔ agbalẽ ma na mi, ale be miaɖɔ nuwo ɖo hafi mava elabena nyemedi be makpɔ naneke le mi, ame siwo ŋu meɖoa ŋu ɖo be miado dzidzɔ geɖe nam la ŋu, si ade nuxaxa nye dzi me o. Menya nyuie be ne meva mia gbɔ le dzidzɔ me la, ekema miawo miakpɔ dzidzɔ geɖe. 4 Nuxaxa kple vevesese geɖe nye dzi me, eye aɖatsi ge le mo nam ̃ le agbalẽ ma ŋɔŋlɔ me, eye menye ɖe meŋlɔ agbalẽ la be mana miaxa nu o. Ke boŋ meŋlɔe be mana miadze si ale si melɔ̃ mi vevie.

Tsɔtsɔke na nu ̃ wɔlawo

5 Ne ame aɖe he nuxaxa la, menye nyee wòdo nuxaxa na o ke boŋ mi katãe, mele egblɔm alea be nyemagate gbe ɖe edzi fũu o. 6 Eya ta tohehe si ame akpa gãtɔ da ɖe ame ma dzi la gbɔ . 7 Azɔ ele be miatsɔ eƒe nu ̃wo akee, eye miafa akɔ . Ne menye nenema o la, ase veve eye dzi aɖe le eƒo ale gbegbe be wòatrɔ ɖa tso nyateƒe la gbɔ. 8 Meɖe kuku na mi, miɖee fiae azɔ be miegalɔ̃e pɛpɛpɛ abe tsã ene. 9 Meŋlɔ agbalẽ ma na mi be makpɔe ɖa be miele klalo awɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi, eye be makpɔe ɖa be toɖoɖo ƒe gbɔgbɔ le mia me mahã? 10 Nu si mietsɔ ke ame aɖe la, nye metsɔe kee, eye edze be nye matsɔe ke le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ me hena miaƒe nyonyo ko. 11 Susu bubu si ta wòdze be miatsɔ nu ̃ ake amewo ɖo lae nye be miaxe na Satana be wòagaɖu mia dzi, ahe tɔtɔ va mia dome o, elabena katã míedze si ale si wòdi be yeade zitɔtɔ hamewo domee.

Nubabla Yeye la ƒe apostolowo

12 Esi meva Troa be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la le afi ma la, mekpɔ be Aƒetɔ la ŋutɔ ʋu nam be la nayi edzi nyuie, 13 gake metsi dzi le ɖokuinye me, elabena nyemekpɔ nɔvinye lɔlɔ̃Tito le afi ma o. Esia ta medo taflatse na Troatɔwo, eye medzo le afi ma heyi Makedonia.

14 Ke akpe na Mawu be to nu si Kristo me la, míekpɔ dziɖuɖu eye míekaka nyanyui la abe ami ʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ ene ɖe amewo dome le afi sia afi si míeyi. 15 Elabena Mawu míezu ami si ʋẽna lĩlĩlĩ la, eye Kristo ƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si wòtsɔ de mía me la, kaka ɖe ame siwo katã kpɔ xɔxɔ kple ame siwo mekpɔe o la siaa dome. 16 Nunana nyui si Kristo tsɔ na la ɖi ku ƒe ʋeʋẽ na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m. Ke le ame siwo Kristo dzi se ya gbɔ la, míenye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si naa agbe. Azɔ biabia lae nye be ame ka ŋu ŋutete le be wòawɔ siawo? 17 Míawo la, míele abe ame siwo tsɔ mawunya la ɖo ŋgonu hele amewo blem, le ga xɔm le wo si la ene o. Esi wònye Mawue ta la, míeƒoa nu kple Kristo ƒe ŋusẽ la, eye Mawu ƒe ŋku le mía ŋu ɖaa.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-