Publicidade

2 Timóteo 1

1 Nye, Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo, ame si Mawu ɖo ɖa be wòaɖe gbeƒã agbe mavɔ si ŋugbe wòdo to Yesu Kristo dzixɔse me na amewo katã la gbɔe agbalẽ sia tso,

2 Na Timoteo, vinye lɔlɔ̃a.

Mawu, Fofo la kple Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ nana eƒe amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa .

Paulo de dzi ƒo na Timoteo be wòanye nuteƒewɔla

3 Timoteo, medaa akpe na Mawu, ame si mesubɔna abe ale si fofonyewo ene. Meɖea kuku na Mawu zi geɖe le kple keli be wòakɔ yayra geɖewo ɖe dziwò, eye nye dzitsinyae nye be madze eŋu le agbe sia me.

4 Mele didim vevie be magakpɔ . Dzi adzɔm ŋutɔ, elabena meɖoa ŋku ale si nèfa avi vevie esime míenɔ kaklãm ɖa tso mía nɔewo gbɔ la dzi.

5 Menya ale si xɔse alakpamanɔme si le mewò abe dawò Enuike kple mamawò Lois ke ene. Meka ɖe edzi be ègale ŋu ɖom ɖe Aƒetɔ la ŋu kokoko abe tsã ene.

6 Le esia ta mele ŋku ɖom edzi na be nàde dzo Mawu ƒe nunana si ge ɖe mewò to nye asidada ɖe dziwò me la me, 7 elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔ wòna mi. 8 Ne àde dzo ŋusẽ si le mewò me la, màvɔ̃ ɣe aɖeke ɣi na gbeƒãɖeɖe Aƒetɔ la na ame bubuwo alo ana woanya be ̃menye, togbɔ be mele gaxɔ me le afii le Kristo ta o. Ànɔ klalo be yeakpe fu kplim le nyanyui la ta, elabena Mawu ana ŋusẽ le fukpekpe me.

9 Eyae ɖe , eye wotia na eƒe kɔkɔe la wɔwɔ, menye be míedze ta o, ke boŋ elabena eyae nye eƒe ɖoɖo xoxoxo hafi wòwɔ xexea me be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve afia to Kristo Yesu dzi. 10 Ke azɔ la, ena nu siawo katã me na to mía Ɖela Yesu Kristo ƒe vava me. Kristo Yesu ɖu ku ƒe ŋusẽ dzi, eye wòfia agbe mavɔ la ƒe to nyanyui la me. 11 Eye wòtiam be manye nyanyui sia ƒe gbeƒãɖela, apostolo kple nufiala.

12 Eya tae mele fu kpem le afi sia le gaxɔ me ɖo. Nu sia menye ŋukpe nam kura o, elabena menya ame si ŋu meɖo ŋu ɖo, eye meka ɖe edzi be ate ŋu adzɔ nu siwo katã metsɔ de asi la ŋu dedie va se ɖe gbe si gbe wòagava.

13 nyateƒe si mefia la me ɖe asi sesĩe, vevietɔ esi ku ɖe xɔse kple lɔlɔ̃ si Kristo Yesu tsɔ na la ŋu. 14 be na ŋutete si Mawu na nèxɔ to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le agbe le mewò dzi la nyuie.

15 Abe ale si nènya ene la, kristotɔ siwo katã tso Asia va afi sia la gblẽm ɖi. Figelo kple Hermogene ̃ ha gblẽm ɖi. 16 Aƒetɔ la nayra Onesiforo kple eƒe aƒe blibo la, elabena eva kpɔam ɖa, eye wòdea dzi ƒo nam enuenu. Eƒe kpɔkpɔɖa gbɔa agbem abe ya fafɛ nyui ene, eye nye gaxɔmenɔnɔ menye ŋukpe o. 17 Le nyateƒe me la, esi wòva Roma la, edim vevie le afi sia afi, eye wòke ɖe ŋunye mlɔeba. 18 Aƒetɔ la nana yayra tɔxɛ le Kristo ƒe vavagbe la. ŋutɔ ènya ale si wòkpe ɖe ŋunye le Efeso la nyuie wu ale si mate ŋu agblɔe na .

Veja também

Publicidade
2 Timóteo
Ver todos os capítulos de 2 Timóteo
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-