Publicidade

2 Timóteo 3

Mawumavɔmavɔ̃ le ŋkeke mamlɛawo me

1 ŋku nenɔ esia dzi be ɣeyiɣi ̃wo ava le ŋkeke mamlɛawo me. 2 Amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, amedzulawo, ame siwo meɖoa to wo dzilawo o, akpemadalawo, ame makɔmakɔwo, 3 amemalɔ̃lawo, ame siwo metsɔa nu ̃ kena o, ameŋugblẽlawo, ɖokuidzimaɖulawo, ŋutasẽlawo, ame siwo léa fu nu nyui, 4 amegɔmezɔlawo, dzimagbɔɖitɔwo, ɖokuiŋudzelawo, ame siwo ̃a xexemedzidzɔ wu Mawu, 5 ame siwo si gotagome ƒe mawuvɔvɔ̃ le, evɔ wogbe nu le ŋusẽ si ana be woanɔ agbe le Mawu me la gbɔ. Te ɖokuiwò ɖa xaa tso ame siawo gbɔ.

6 Woawoe nye ame siwo yia ame bubuwo ƒe aƒewo me le adzame, eye wowɔa xɔlɔ̃ kple nyɔnu abunɛtɔ siwo me nu ̃ aƒe ɖo la, eye wofiaa woƒe xɔse yeye la wo. 7 Nyɔnu siawo tɔgbi dzea nufiala yeyewo yome ɣe sia ɣi, ke womesea nyateƒe la gɔme ɣe aɖeke ɣi o. 8 Nufiala siawo tsia tsitre ɖe nyateƒe la ŋu abe ale si Yane kple Yambre tsi tsitre ɖe Mose ŋu ene. Susu ƒoɖi totro kpaɖikpaɖiwo le wo me, eye wotsi tsitre ɖe Kristo dzixɔse la ŋu. 9 Ke womanɔ edzi alea tegbee o. Gbe ɖeka la, amewo katã ava nya woƒe amebeble abe ale si amewo va nya Yane kple Yambre ƒe nu ̃ ene.

Paulo ka atam na Timoteo

10 Ke ènya to ŋkuléle ɖe ŋunye me be nyemenye ame siawo tɔgbi o. Ènya nu si dzi mexɔ se, ale si menɔa agbee kple nu si dim mele. Ènya nye Kristo dzixɔse kple nye fukpekpewo. Ènya nu tso ale si melɔ̃ kple nye dzidodo ŋu. 11 Ènya fukpekpe geɖe siwo va dzinye le gbeƒãɖeɖe nyanyui la ta. Ènya nu siwo katã wowɔm esi meyi Antioxia, Ikonio kple Listra , ke Aƒetɔ la ɖem tso wo me. 12 Ɛ̃, ame siwo ɖo be yewoadze Kristo Yesu ŋu to agbenɔnɔ le mawuvɔvɔ̃ me me la akpe fu le ame siwo fui la ƒe asi me. 13 Le nyateƒe me la, ame ̃ɖiwo kple aʋatsonufialawo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi anɔ sesẽm ɖe edzi wu, eye woanɔ ame geɖewo blem abe ale si Satana ble woawo ŋutɔ ene. 14 Ke ele na be nàlé nu siwo wofia la dzixɔse me ɖe asi. Ènya be nu siawo nye nyateƒe, elabena ènya be yeate ŋu axɔ ame siwo fia nu siawo la dzi ase. 15 Ènya ale si, esi nènye ɖevi sue la, wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la , nu siawo na nèdze nunya be nàkpɔ Mawu ƒe ɖeɖe to Kristo Yesu dzixɔse me. 16 Mawu tsɔ eƒe nya la na to eƒe Gbɔgbɔ si le amewo me la dzi, eya ta Biblia nyo hena nufiafia tso nu siwo nye nyateƒe la ŋu kple ale si wòana míadze si nu siwo nye nu ̃ le míaƒe agbenɔnɔ me. Edaa ɖe dzɔdzɔe dzi, eye wòkpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu si nyo, eye wòdze. 17 Eyae nye Mawu ƒe si dzraa ɖo nyuie le go sia go me hena nyuiwɔwɔ na ame sia ame.

Veja também

2 Timóteo
Ver todos os capítulos de 2 Timóteo
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-