21 "Melé fu miaƒe ŋkekenyuiwo, eye metsri wo.
Nyemaʋẽ miaƒe takpekpewo
kple ŋkekenyuiwo ase o.
22 Ne miewɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo nam hã la,
nyemaxɔ wo o.
Ne mietsɔ miaƒe lã damiwo sa vɔe nam hã la,
nyemanye kɔ akpɔ wo o.
23 Te wò hawo ƒe ɖiɖi ɖe megbe tso gbɔnye,
wò saŋkuƒoƒowo hã le to me vem nam!
24 Nya dzɔdzɔe nesi abe tsi ene,
eye dzɔdzɔenyenye abe tɔʋu si memiena o ene!