Paulo ƒe dɔwɔwɔ le Korinto
1 Le nu siawo megbe la, Paulo dzo le Atene heyi Korinto. 2 Afi ma wòdo go Yudatɔ aɖe si woyɔna be Akwila la le. Wodzi Akwila le Ponto, eye eya kple srɔ̃a Priskila wonɔ Italia tsã, gake Kaisaro Klaudio va de se be woanya Yudatɔwo katã le Roma dua me. Esia ta Akwila kple srɔ̃a ʋu va tsi Korinto. Paulo yi ɖasrã wo kpɔ, 3 elabena enye avɔgbadɔwɔla abe woawo ke ene. Enɔ wo gbɔ hewɔ dɔ kpli wo.
4 Paulo yia Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi hedzroa mawunya me kple Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, eye wòƒonɛ ɖe wo nu be woatrɔ dzi me. 5 Esi Silas kple Timoteo tso Makedonia va ɖo Korinto ko la, Paulo ɖe asi le nu sia nu ŋu hetsɔ eɖokui na mawunyakaka kple ɖaseɖiɖi na Yudatɔwo be Yesue nye Kristo la. 6 Ke le ale si Yudatɔwo tsi tsitre ɖe Paulo ŋu sesĩe, eye gawu la, wonɔ busunyawo gblɔm ta la, Paulo ɖe asi le woƒe nya me, eye wògblɔ na wo be, "Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Nye asi megale miaƒe nya me o. Tso azɔ dzi yina la, magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o."
7 Ale Paulo dzo le ƒuƒoƒea, eye wòge ɖe aƒe aɖe si le ƒuƒoƒea ŋu la me, heyi ɖanɔ aƒea tɔ si woyɔna be Tito Yusto la gbɔ, ame si nye Mawusubɔla. 8 To Paulo ƒe afi ma nɔnɔ me la, Krispo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒemegã la kple eƒe aƒe blibo la me tɔwo katã xɔ Aƒetɔ la dzi se, eye wòde mawutsi ta na wo. Korintotɔ bubu geɖe siwo hã se eƒe mawunya la trɔ dzi me, eye wòde mawutsi ta na woawo hã.
9 Gbe ɖeka ƒe zã me la, Mawu ƒo nu na Paulo le ɖeɖefia me be, "Mègavɔ̃ o; nɔ nya la gbɔgblɔ dzi, eye mègazi ɖoɖoe o, 10 elabena meli kpli wò, eye ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o, ame geɖewo le du sia me siwo nye tɔnyewo." 11 Nu sia do ŋusẽ Paulo ale wònɔ Korinto ƒe ɖeka kple afã sɔŋ henɔ Mawu ƒe nyateƒenya la gblɔm.