Pular para o conteúdo
Publicidade

Dɔwɔwɔwo 18:2,3,18,26

2 Afi ma wòdo go Yudatɔ aɖe si woyɔna be Akwila la le. Wodzi Akwila le Ponto, eye eya kple srɔ̃a Priskila wonɔ Italia tsã, gake Kaisaro Klaudio va de se be woanya Yudatɔwo katã le Roma dua me. Esia ta Akwila kple srɔ̃a ʋu va tsi Korinto. Paulo yi ɖasrã wo kpɔ, 3 elabena enye avɔgbadɔwɔla abe woawo ke ene. Enɔ wo gbɔ hewɔ dɔ kpli wo.

Priskila, Akwila kple Apolo

18 Paulo ganɔ dua me ɣeyiɣi aɖewo, eye emegbe la, eklã xɔsetɔwo, eye wòɖo tɔdziʋu hedzo yi Siria nuto me. Ekplɔ Priskila kple Akwila hã ɖe asi. Esi wova ɖo Kenkrea la, Paulo lũ ta kolikoli le adzɔgbeɖeɖe si wòwɔ do ŋgɔe le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu la ta.

26 Edze nufiafia gɔme le ƒuƒoƒe la dzideƒotɔe. Esi Akwila kple Priskila se eƒe nyawo la, wokpee yi woƒe aƒe me heɖe Mawu ƒe nyawo me nɛ tsitotsito wu esi wònya tsã.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.