Petro kple Yohanes le ʋɔnudrɔ̃ƒe ŋkume
1 Esi Petro kple Yohanes wonɔ nu ƒom na ameawo alea la, nunɔlawo kple gbedoxɔŋudzɔlawo ƒe amegã kple Zadukitɔwo dometɔ aɖewo va do ɖe wo dzi. 2 Petro kple Yohanes wonɔ gbeƒã ɖem be Yesu gagbɔ agbe tso ame kukuwo dome si fia be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖe li. Enye nu si medzɔ dzi na wo kuraa o. 3 Eya ta wolé Petro kple Yohanes, gake esi fiẽ ɖo xoxo ta la, wokplɔ wo ame eve la de gaxɔ me be woadɔ afi ma ŋu nake.