Publicidade

Atos 7

Stefano ƒe nuƒoƒo na ʋɔnudrɔ̃ƒe la

1 Nunɔlagã la bia Stefano be, "Nɔvi, ɖe nya siwo katã wogblɔ le ŋuwò le eme vavãa?"

2 Stefano ɖo eŋu be, "Nɔviwo kple fofowo miɖo tom. Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ŋutɔ ɖe eɖokui fia mía tɔgbui Abraham le esime wònɔ Mesopotamia hafi wòva yi Haran. 3 Mawu gblɔ be, Do go le dukɔ kple ƒometɔwo dome, eye nàyi anyigba bubu aɖe sãa si mafia la dzi.

4 "Ale Abraham dzo le Kaldeanyigba dzi ɖanɔ Haran va se ɖe esime fofoa ku gblẽe ɖi. Esia megbe la, Mawu kplɔe va Israelnyigba sia dzi. 5 Ke Mawu metsɔ anyigba sia ƒe akpa aɖeke na Abraham be wòanye etɔ o. Menye afɔ ɖeka teti o. Gake Mawu do ŋugbe be le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, anyigba blibo la azu eya kple eƒe dzidzimeviwo , togbɔ be vi aɖeke menɔ Abraham si haɖe o . 6 Mawu gagblɔ na Abraham be, dzidzimeviwo adzo le anyigba la dzi aɖanɔ dzronyigba aɖe dzi ƒe alafa ene sɔŋ abe kluviwo ene. 7 Ke la, mahe to na dukɔ si ado kluvi Israelviwo, eye emegbe la, Israelviwo agatrɔ va woƒe anyigba la dzi ava subɔm le afi sia.8 Mawu de se na Abraham be wòatso aʋa na via ŋutsuviwo abe nubabla si le Mawu kple Abraham ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe kpeɖodzinu ene. Le esia ta la, esi Isak si nye Abraham ƒe viŋutsu ŋkeke enyi ko la, fofoa tso aʋa . Isak ƒe viŋutsue nye Yakob, ame si ƒe viŋutsu wuieveawo me Israel dukɔa ƒe tɔgbui wuieveawo dzɔ tso.

9 "Yosef si nye Yakob ƒe vi mamlɛtɔ la ƒe nu menyo nɔvia bubuawo ŋu o, ale wodzrae na kluvisitsalawo, ame siwo kplɔe yi Egipte abe kluvi ene. Ke la, Mawu kplii 10 ale gbegbe be wòɖee tso eƒe fukpekpewo katã me, eye gawu la, Mawu na be Egipte Fia Farao kpɔ ŋudzedze le eŋu. Le nunya manyagblɔ si Mawu na Yosef ta la, Farao tsɔe ɖo dudzikpɔla gãe le Egipte dukɔa me, eye wògaɖoe tatɔe le eƒe fiasã blibo la me .

11 "Eva eme be sesẽ aɖe va to le Egipte kple Kananyigba dzi, ale be mía tɔgbuitɔgbuiwo kpe fu ŋutɔ. Nuɖuɖu le wo si keŋkeŋ. 12 Yakob se be nuɖuɖu le Egiptenyigba dzi ale wòdɔ viawo ɖa be woaɖaƒle ɖe . 13 Esi wogayi Egipte zi evelia la, Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo, elabena womekpɔe dze sii zi gbãtɔ si wode afi ma o. Eɖe wo fia Fia Farao . 14 Yosef nɔviawo be ne woyi la, woakplɔ ye fofo Yakob, ye nɔviwo kple woƒe ƒometɔwo katã, ame siwo ƒe xexlẽme ame blaadre-vɔ-atɔ̃ la na ye le Egipte. 15 Esiae na be Yakob kple viawo katã ʋu va tsi Egipte, afi si wo katã ku ɖo, 16 eye wokɔ Yakob kple viawo va Sikem, eye woɖi wo ɖe yɔdo si Abraham ƒle le Hamor ƒe viwo gbɔ la me.

17 "Esime ɣeyiɣi si Mawu ɖo na Abraham be yeaɖe eƒe dzidzimeviwo tso kluvinyenye me le Egipte ɖo la, Israelviwo gadzi ɖe edzi fũu ŋutɔ le Egipte. 18 Ke fia bubu va zi dzi le Egipte, ame si menya naneke tso Yosef ŋu o.19 Le esia ta la, ewɔ funyafunya mía tɔgbuitɔgbuiwo, eye wòde se be woatsɔ woƒe vidzĩwo aƒu gbe ne woaku.

20 "Le ɣeyiɣi sia me lɔƒo la, wodzi Mose si nye ɖevi dzeɖekɛ aɖe. Le se si anyi ɣe ma ɣi me ta la, esi wodzi Mose la, edzilawo dzrae ɖo ɖe me ɣleti etɔ̃ sɔŋ. 21 Ke esi wòva dzɔ be womagate ŋu adzrae ɖo o ta la, wokɔe yi ɖada ɖe teƒe aɖe. Fia Farao ƒe vinyɔnuvi va fɔe le afi ma ale wòtsɔe abe via ene hekpɔ edzi. 22 Wohe Mose ɖe Egiptetɔwo ƒe nunya nu, ale wòtsi va zu fiavi xɔŋkɔ aɖe le nunya kple dɔwɔwɔ me.

23 "Esi Mose abe ƒe blaene ene la, ewɔ susu gbe ɖeka be yeaɖi tsa aɖakpɔ ye nɔvi Israelviwo ɖa. 24 Le tsaɖiɖi sia me la, eva ke ɖe Israel ɖekakpui aɖe kple Egiptetɔ aɖe ŋu wonɔ dzre wɔm. Mose kpɔe be Egiptetɔ la Israel ɖekakpui la ƒom, funyafunya wɔmii, eya ta edze Egiptetɔ la dzi hewui. 25 Mose bui be wɔna sia ana be eya ŋutɔ nɔviawo axɔe se be Mawue ɖo ye ɖa be yeava ɖe wo le aboyo me hafi, gake womexɔe nenema o. 26 Esi ŋu ke la, Mose gaɖi tsa yi etɔ Israelviwo gbɔ. Kasiaa, ekpɔ Israelvi dzidzi eve wonɔ dzre wɔm vevie. Mose te ɖe wo ŋu enumake be yealé avu le wo dome. Egblɔ na wo be, Nɔviwo, menyo kura be miawo ɖeɖe mianɔ dzre wɔm alea o eya ta midzudzɔ, ne miawɔ ɖeka.

27 "Ke ame siawo dometɔ si ƒe nya medzɔ o la gblɔ na Mose be wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe nya gbɔ eye megade nu yewo me o. Ebia Mose be, Ame kae ɖo fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía dzi?Eyi edzi bia Mose be, 28 Alo ɖe nèdi be yeaƒo nye awu abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?29 Nya sia sese te ɖe Mose dzi ale wòsi dzo le nuto la me yi ɖanɔ Midianyigba dzi afi si wòdzi eƒe viŋutsu eveawo le.

30 "Le ƒe blaene megbe la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Mose le gbedzi le teƒe aɖe si te ɖe Sinai to la ŋu. Mawudɔla la ɖe eɖokui fiae le gbe aɖe si bibim la me. 31 Esi Mose kpɔ dzobibia la, ewɔ nuku ŋutɔ, eya ta eƒu du yi teƒea be yeakpɔ nu si wònye. Ke esi wòƒu du yina la, ese Mawu ƒe gbe be, 32 Nyee nye tɔgbuiwòwo Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la.Dzidzi ƒo Mose ale gbegbe be mete ŋu ta dzi be yeakpɔ afi si gbea le ɖiɖim tso la o.

33 "Mawu ƒe gbe yi edzi gblɔ be, Ɖe afɔkpawo le afɔ, elabena teƒe si nèle la nye teƒe kɔkɔe. 34 Mekpɔ fu si kpem vinyewo le le Egiptenyigba dzi, eye mese woƒe nublanuiɣli si dom wole la , eya ta meva be maɖe wo tso fukpekpe sia me. Va ne madɔ ɖe Egipte ne nàwɔ sia nam.

35 "Ale Mose si gbɔ etɔwo gbe nu le, eye wobiae be, Ame kae ɖo fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía dzi ?la, eyae Mawu ɖo ɖa be wòanye woƒe ɖela kple kplɔla to mawudɔla, si ɖe eɖokui fiae le ŋuvea me la dzi. 36 Ale to nukunu geɖewo wɔwɔ me la, Mose kplɔ Israelviwo tso Egipte. Woto Ƒu Dzĩ la me, eye wozɔ to gbedzi ƒe blaene sɔŋ.

37 "Mose ŋutɔ gblɔ na Israelviwo be, Mawu ana nyagblɔɖila aɖe adzɔ tso mia nɔviwo dome abe nye ke ene.38 Mose ƒe nya sia va eme pɛpɛpɛ elabena esi wonɔ gbedzi yiyim la, Mose nye avuléla si Israelviwo kple mawudɔla si na Mawu ƒe sewo le Sinai to dzi la dome. Se si nye Agbenya lae wòna wo.

39 "Ke nublanuitɔe la, mía tɔgbuiwo gbe nu le Mose gbɔ, eye wodi be yewoatrɔ ayi Egipte. 40 Le nyateƒe me la, woyɔ Aron hegblɔ be, Nɔvi, me legba siwo anye míaƒe mawu siwo akplɔ agbugbɔ yi Egipte la na , elabena míenya nu si dzɔ ɖe Mose si kplɔ dzoe le Egiptenyigba dzi la dzi o.41 Eya ta wowɔ legba ɖe nyivi ƒe nɔnɔme me, eye wosubɔ nu si wotsɔ woƒe asi wɔe la kple dzidzɔ blibo hesaa . 42 Wɔna sia na be Mawu ɖe asi le wo ŋu, eye wosubɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo abe ale si woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene.

" Israeltɔwo, nyee mietsɔ wuwuwo kple numemewo sa na

esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ mahã?

43 Kpao, menye nyee miesa na o,

ke boŋ miaƒe susuwo katã Molek ƒe agbadɔ kple mawu Refan ƒe ɣletivinɔnɔme,

siwo nye legba miewɔ be miasubɔ la ŋu.

Le esia ta la, maɖo mi ɖe aboyo me,

ayi keke Babilonia godo ke.

44 "Mía tɔgbuitɔgbuiwo tsɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la ɖe ta gbea dzi, yiyim tso teƒe yi teƒe. Wowɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ sia ɖe nɔnɔme si Mawu ɖee fia Mose be wòawɔe la nu. 45 Le ƒe aɖewo megbe la, esi Yosua va zu kplɔla, eye wòho aʋa ɖe dukɔwo ŋu la, wokɔ agbadɔ sia yi woƒe nɔƒe yeye si wonɔ la, eye wowɔ eŋuti va se ɖe Fia David ŋɔli. 46 Mawu yra Fia David ŋutɔ, eye David bia be Mawu naɖe na ye yeatu gbedoxɔ aɖe si anɔ anyi tegbee la na eya Yakob ƒe Mawu la. 47 Ke David ƒe vi Solomo boŋue nye ame si va tu gbedoxɔ la .

48 "Ke la, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la menɔa gbedoxɔ si amegbetɔ ŋutɔ tsɔ eƒe asi tui la me o, elabena Mawu ŋutɔ gblɔ to eƒe Nyagblɔɖila Yesaya dzi be,

49 " Nye fiazikpuie nye dziƒo,

eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu.

Aƒe ka ƒomevi koŋ ame ate ŋu atu nam?

Aƒetɔ la gblɔe.

Alo Afi ka nye gbɔɖemeƒe anɔ?

50 Alo Menye nye asie esiawo katã oa?’ 

51 "Mi tosesẽtɔ siawo, ɖe wòle be miasẽ dzime atsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ɣe sia ɣia? Ɛ̃, Alea tututu mia tɔgbuiwo wɔe nye esi, eye eya ƒomevi ko wɔm miawo miele. 52 Mitɔ asi nyagblɔɖila si yome mia tɔgbuiwo meti hewɔ fui o la dzi nam. Wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ Dzɔdzɔetɔ la ƒe vava ɖi eye miawo miede ame sia asi, eye miewui. 53 Ɛ̃, togbɔ be mawudɔlawoe tsɔ Mawu ƒe seawo na mi la, mieɖo koŋ gblẽ seawo to wo dzi dada me."

Woƒu kpe Stefano wòku

54 Stefano ƒe nya sia dzi na Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ŋutɔ. Wodo dziku vevie henɔ nyanyram le wo ɖokuiwo me. 55 Ke Stefano, ame si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la fũu la li eƒe ŋkuwo ɖe dzi gãa, ekpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la, eye Yesu tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusime. 56 Stefano gblɔ na ameha la be, "Mikpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔ Vi la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusime."

57 Nya sia gado dziku na wo ŋutɔ, ale wo katã wotsɔ woƒe asiwo xe to me be yewomagase nya aɖeke o. Wodze Stefano dzi henɔ ɣli dom be ame aɖeke megase eƒe nya o. 58 Emegbe la, wohee do goe le dua me be yewoaƒu kpee wòaku. Ɖasefowo kple amewulawo ɖe woƒe awuwo na ɖekakpui aɖe si woyɔna be Saulo la be wòakpɔ wo dzi na yewo.

59 Esi wonɔ kpe fum Stefano la, edo gbe ɖa gblɔ be, "Aƒetɔ Yesu, nye gbɔgbɔ." 60 Emegbe la, edze klo eye wòdo ɣli gblɔ be, "Aƒetɔ, mègaɖo nu ̃ sia teƒe na wo o." Ale wòdze anyi heku.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-