Publicidade

Colossenses 1

1 Nye, Paulo, ame si Mawu tia be wòanye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla kple nɔvi xɔsetɔ Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso,

2 Na Kristotɔ nuteƒewɔlawo kple Mawu ƒe ame siwo ŋu wokɔ le Kolose dua me.

Mawu mía Fofo la ƒe ŋutifafa kple amenuveve nanɔ kpli mi.

Gbedodoɖa kple akpedada

3 Ɣe sia ɣi ne míele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, míedzea egɔme kple akpedada na Mawu míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, 4 elabena míese nu geɖe tso ale si miexɔ Yesu Kristo dzi se kple lɔlɔ̃ manyagblɔ si mietsɔ na eƒe ame kɔkɔewo katã la ŋu. 5 Eye tso ŋkeke gbãtɔ si dzi wogblɔ nyanyui ƒe nyateƒe la na mi va se ɖe fifia la, mietsɔ xɔse kpɔ na dzidzɔ tso dziƒo. Ale miaƒe xɔse kple lɔlɔ̃ tso mɔkpɔkpɔ si wodzra ɖo na mi le dziƒo la me. 6 Nyanyui si wogblɔ na mi la, eya ke gblɔm wole le xexea me godoo, eye wòle amewo ƒe agbenɔnɔ trɔm le afi sia afi, abe ale si wòtrɔ miaƒe agbenɔnɔ tso ŋkeke gbãtɔ si dzi miese nu tso Mawu ƒe amenuveve na ̃ wɔlawo ŋu eye miese eme le nyateƒe me ene. 7 Epafra míaƒe hadɔwɔla lɔlɔ̃ lae tsɔ nyanyui la na mi. Eyae nye Yesu Kristo ƒe subɔla vavã si le kpekpem ɖe mia ŋuti ɖe mía teƒe, 8 eye eyae nye ame si gblɔ miaƒe lɔlɔ̃ le gbɔgbɔ me la fia mi.

9 Eya ta tso gbe si gbe míese mia ŋkɔ zi gbãtɔ ko la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɣe sia ɣi, eye míebiaa Mawu be wòakpe ɖe mia ŋuti miase nu si wòdi be miawɔ la gɔme, eye wòawɔ mi mianye nunyalawo tso gbɔgbɔmenuwo ŋuti. 10 Míegabiana be miaƒe agbenɔnɔ nadze Aƒetɔ la ŋu ɣe sia ɣi eye woade bubu eŋuti, ale be miatse ku le sia wɔwɔ nyuie me; eye mianya Mawu ɖe edzi wu. 11 Míele gbe dom ɖa be Mawu ƒe ŋusẽ nayɔ mia me fũu ale be nu ka kee adzɔ la, miate ŋu agbɔ dzi ɖi, anɔ te sesĩe, eye Aƒetɔ la ƒe dzidzɔ nayɔ mia me taŋtaŋ ɣe sia ɣi. 12 Eye be miada akpe na Fofo la, ame si be míedze na gomekpɔkpɔ le nu siwo kekeli la ƒe fiaɖuƒemetɔwo akpɔ gome le la me. 13 Elabena eyae ɖe tso viviti ƒe ŋusẽ kple Satana ƒe fiaɖuƒe la me, eye wòkplɔ va Via lɔlɔ̃ la ƒe fiaɖuƒe mee; 14 eyae mi ablɔɖeviwo, eye wòtsɔ míaƒe nu ̃wo katã ke .

Kristoe nye ta na nuwo katã

15 Kristoe nye Mawu si míekpɔna o la ƒe nɔnɔme tututu. Eli hafi Mawu nu sia nu, eye le nyateƒe me la, 16 Kristo ŋutɔe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi, nu siwo míekpɔna kple nu siwo míekpɔna o la siaa wɔla. Eya kee gbɔgbɔwo ƒe xexeme si míekpɔna o la, eƒe fiawo, fiaɖuƒewo, amegãwo kple woƒe ŋusẽwo. Kristo esiawo katã na eya ŋutɔ ƒe ŋu wɔwɔ kple ŋutikɔkɔe. 17 Eli xoxoxo hafi nu sia nu va dzɔ, eye eƒe ŋusẽ xexemenuwo katã ƒo ƒu. 18 Eye eyae nye ta na hame, si nye eƒe ŋutilã, eyae nye gɔmedzedzea kple ame siwo tso me ƒe ŋgɔgbetɔ, ale be le nu sia nu me la, wòanye gbãtɔ. 19 Elabena Mawu di be nu sia nu si le ye me la nanɔ ye Vi me. 20 Mawu to nu si Via me, ʋu be nu siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la nava eya ŋutɔ gbɔ, elabena Kristo to eƒe ku le atitsoga ŋuti me ŋutifafa le Mawu kple amewo katã dome to eƒe ʋu me.

21 Ehe ŋutifafa sia na mi, ame siwo adzɔge tsã tso Mawu gbɔ la . Tsã la, mienye Mawu ƒe futɔwo, mielé fui, eye miaƒe susu ̃wo kple ̃wɔwɔwo na be mi kplii dome klã, gake azɔ la, egakplɔ mi va eɖokui gbɔe abe exɔlɔ̃wo ene. 22 Kristo esia to eƒe ku me abe amegbetɔ ene, hekplɔ mi va Mawu ƒe ŋkumee; miele tsitre ɖe Mawu ŋkume ame maɖifɔwoe, eye naneke kura megale mia ŋuti si ana woaka mo na mi o. 23 Nu ɖeka si ku ɖe nu sia ŋuti la koe nye be miaxɔ nyateƒe la dzi ase blibo, abe ame siwo gɔme woɖo anyi eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyui la ƒe mɔkpɔkpɔ si miese la gbɔ o. Esia nye nukunya kple nya si va na mi katã, eye wòle kakam ɖe xexe blibo la katã me fifia. Eye enye dzidzɔ na nye, Paulo, be masubɔ agblɔ nya sia na ame bubuwo.

24 Ke nye ƒe akpa aɖee nye be makpe fu ɖe mia ta, eye enye dzidzɔ nam be wòle nenema, elabena mele kpekpeɖeŋu nam, be Kristo ƒe fu siwo wòkpe ɖe eƒe ŋutilã si nye eƒe hamea ta la nawu enu.

Woɖe nya ɣaɣla la ɖe go

25 Mezu hamea ƒe subɔla abe ale si Mawu dɔm abe xɔnuvi ene be mawu eƒe nya blibo la nu; 26 nya ɣaɣla si wodzra ɖo tso gbe aɖe gbe ke na dzidzimewo, gake azɔ la, eɖee fia ame kɔkɔewo. 27 Ame siawo Mawu ̃ be yeana woanya yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu ɣaɣlawo le ame siwo menye Yudatɔwo dome; nu ɣaɣla siae nye be Kristo le mia me si nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ.

28 Eya ta afi sia afi si míeyina la, míeƒoa nu tso Kristo ŋuti na ame siwo katã le klalo be yewoaɖo to la. Míefiaa nu wo, eye míexlɔ̃a nu wo vevie abe ale si míate ŋui ene. Míedina be míakplɔ ame sia ame ayi Mawu ƒe ŋkume fɔɖiɖimanɔŋui, ɖe si Kristo na wo dometɔ ɖe sia ɖe la ta. 29 Esiae nye nye , eye mate ŋu awɔe to Kristo ƒe ŋusẽ triakɔ si le wɔm le menye la ɖeɖe ko me.

Veja também

Publicidade
Colossenses
Ver todos os capítulos de Colossenses
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-