Pular para o conteúdo
Publicidade

Daniel 4:28-37

Drɔ̃e la va eme

28 Nu siawo katã dzɔ ɖe Fia Nebukadnezar dzi. 29 Le ɣleti wuieve megbe esime fia la nɔ tsa ɖim le eƒe fiasã la tame le Babilonia la, 30 egblɔ be, "Ɖe menye esiae nye Babilonia gã si metu abe nye fia la ƒe nɔƒe to nye ŋusẽ triakɔ kple nye fianyenye ƒe ŋutikɔkɔe me ene oa?"

31 Megblɔ nya siawo vɔ hafi gbe aɖe ɖi tso dziƒo o. Gbe la ɖi be, "Nu siwo woɖo be woadzɔ ɖe wò Fia Nebukadnezar dzi lae nye, woaxɔ wò fianyenye le asiwò. 32 Woanya wò do goe le amewo dome eye nànɔ lã wɔadãwo dome; àɖu gbe abe nyi ene. Fe adre ava yi na wò va se ɖe esime nànyae be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi, eye wòtsɔa wo naa ame si wòdi be yeatsɔ wo ana la."

33 Enumake nu si wogblɔ ɖe Nebukadnezar ŋu la va eme. Wonyae ɖa tso amewo dome eye wòɖu gbe abe nyi ene. Zãmu dza ɖe edzi va se ɖe esime eƒe taɖa to abe hɔ̃ ƒe fuwo ene eye eƒe fewo to abe xevi ƒe fewo ene.

34 Le ɣeyiɣi ma ƒe nuwuwu la, nye Nebukadnezar, mewu mo dzi, kpɔ dziƒo eye wogbugbɔ nye susu ɖo te nam. Tete mekafu Dziƒoʋĩtɔ la, mede bubu eŋu eye medoe ɖe dzi, eya ame si li tegbee.

Seɖoƒe meli na eƒe dziɖuɖu o;

eye eƒe fiaɖuƒe anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.

35 Wobua anyigbadzitɔwo katã

be womele ɖeke me o.

Ewɔa nu si dzea eŋu kple dziƒoŋunuwo

kple anyigbadzitɔwo.

Ame aɖeke mate ŋu ahe

eƒe asi ɖe megbe loo alo abiae be,

"Nu kae nye esi nèwɔ?"

36 Le ɣe ma ɣi ke esi Mawu gbugbɔ nye susu ɖo te la, egbugbɔ nye bubu kple atsyɔ̃ hã nam hena nye fiaɖuƒe la ƒe bubu. Aɖaŋudelawo kple ametsitsiwo gbugbɔm ɖo nye fiazikpui dzi eye mexɔ ŋkɔ azɔ wu tsã gɔ̃ hã. 37 Ke azɔ la, nye Nebukadnezar, mekafu Dziƒo fia la, medoe ɖe dzi eye mede bubu eŋu elabena nu sia nu si wòwɔna la nɔa dzɔdzɔe eye eƒe mɔwo katã le eteƒe. Ame siwo zɔna dadatɔe la, etea ŋu bɔbɔa wo ɖe anyi.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.