Pular para o conteúdo
Publicidade

Efesotɔwo 1:3-6

Gbɔgbɔmeyayrawo le Kristo Yesu me

3 Míetsɔ kafukafu na Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, ame si tsɔ gbɔgbɔmeyayra ɖe sia ɖe si le dziƒonutowo me la kɔ ɖe mía dzi le Kristo me. 4 Etia mí le eya amea me hafi wɔ xexea me be míanye ame kɔkɔewo kple ame siwo ŋu fɔɖiɖi mele o la le eƒe ŋkume. 5 Le lɔlɔ̃ me la, ewɔ ɖoɖo tɔxɛ ɖe mía ŋu be míanye ye viwo to Yesu Kristo dzi. Mawu wɔ esia, esi wòɖo Yesu Kristo ɖa be wòaku ɖe mía ta. Ewɔ ɖoɖo sia to eya ŋutɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃nu me!

6 Azɔ la, mitsɔ kafukafu na Mawu ɖe eƒe dɔmenyo gã sia ta. Mikafui ɖe eƒe amenuveve sɔgbɔ si wòkɔ ɖe mía dzi la ta, ɖe esi míenye Via lɔlɔ̃a tɔ ta.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.