Agbegbɔgbɔ to Kristo me
1 Miawo la, miezu ame kukuwo ɖe miaƒe vodadawo kple nu vɔ̃
4 Gake ɖe lɔlɔ̃ gã si wòtsɔ na mí ta la, Mawu, ame si nye nublanuikpɔla la 5 na agbe mí le Kristo me, togbɔ be míenye nu vɔ̃ wɔlawo hã la, amenuveve wòtsɔ ɖe mie.
8 Le eƒe amenuveve sɔ gbɔ la ta la, miekpɔ ɖeɖe to Kristo dzixɔse me, menye nu siwo tso míawo ŋutɔ gbɔ o; ke boŋ enye Mawu ƒe nunana, 9 menye le dɔ siwo miewɔ la ta o, be ame aɖeke naƒo adegbe o. 10 Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo míenye, ame siwo wowɔ le Kristo Yesu me hena dɔ nyuiwo wɔwɔ, dɔ siwo Mawu dzra ɖo ɖi na mí be míawɔ la.