Agbenɔnɔ abe kekeli ƒe viwo ene
17 Azɔ la, mele esia gblɔm na mi, eye mele gbe tem ɖe edzi le Aƒetɔ la me be miaganɔ agbe azɔ abe ame siwo menye Yudatɔwo ene le woƒe tamesusu ƒe dzodzronyenye me o. 18 Ame siawo la, woƒe susuwo me do viviti, eye woma ɖa tso Mawu gbɔ, elabena wole agbe le numanyamanya me le woƒe dzimesesẽ ta. 19 Esi ŋukpe aɖeke megale mo na wo o ta la, wotsɔ wo ɖokuiwo na nu tovo wɔwɔ, ale be woakpɔ gome le ŋunyɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ me, eye wole nu sia wɔwɔ dzi ɣe sia ɣi.