Paulo ƒe gaxɔmenɔnɔ do nyanyui la ɖe ŋgɔ
12 Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya esia be: Nu sia nu si dzɔ ɖe dzinye le afi sia la, do gbeƒãɖeɖe Kristo ƒe nyanyui la ɖe ŋgɔ boŋ. 13 Elabena ame sia ame si le gbɔnye le afi sia hekpe ɖe asrafo siwo katã le asaɖa me ŋuti la nya kɔtɛe be, susu si ta mele game ɖo koe nye be menye kristotɔ. 14 Eye nye gamenɔnɔ na be kristotɔ siwo katã le afi sia la megavɔ̃na na gamenɔnɔ o. Ke Aƒetɔ la de dzi ƒo na wo ale gbegbe be womegavɔ̃a gbeƒãɖeɖe nyanyuie la o.