Pular para o conteúdo
Publicidade

Filipitɔwo 4:6-9

6 Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe kpakple akpedada gblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu. 7 Eye Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo nugɔmesesewo katã ta la adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe susuwo ŋu le Kristo Yesu me.

8 Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo nyo, nu siwo le dzadzɛe, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna, nu siwo dze na kafukafu, ne nane li si nyo, eye wòdze na kafukafu la, mibu nu siawo ŋu. 9 Miwɔ nu siwo katã miesrɔ̃ tso gbɔnye alo miexɔ tso gbɔnye alo miese tso gbɔnye, alo kpɔ le menye la, eye Mawu ƒe ŋutifafa anɔ anyi kpli mi.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Filipenses
Ver todos os capítulos de Filipenses