Kristo wɔ mí ablɔɖeviwoe
1 Ablɔɖemenɔnɔ ta Kristo wɔ mí ablɔɖeviwoe ɖo. Eya ta minɔ tsitre sesĩe, eye migana kluvinyenye ƒe kɔkuti nagaku kɔ na mi azɔ o. 2 Mide dzesi nye nyawo! Nye Paulo, mele egblɔm na mi be ne mieɖe mɔ wotso aʋa na mi la, ekema viɖe aɖeke manɔ Kristo ŋu na mi o. 3 Megale egblɔm ake na ame sia ame si lɔ̃ wotso aʋa nɛ la be ele nɛ be wòawɔ ɖe se blibo la katã dzi. 4 Mi ame siwo le didim be woatso afia na yewo to se la dzi wɔwɔ me la, woklã mi ɖa tso Kristo gbɔ; amenuveve la bu ɖe mi.
5 Elabena to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me la, míele mɔ kpɔm vevie na dzɔdzɔenyenye la le xɔse me. 6 Elabena le Kristo Yesu me la, aʋatsotso alo aʋamatsomatso mate ŋu awɔ naneke o. Ke nu si míehiã la koe nye xɔse si wɔa dɔ to lɔlɔ̃ me.