Publicidade

Gálatas 5

Kristo ablɔɖeviwoe

1 Ablɔɖemenɔnɔ ta Kristo ablɔɖeviwoe ɖo. Eya ta minɔ tsitre sesĩe, eye migana kluvinyenye ƒe kɔkuti nagaku na mi azɔ o. 2 Mide dzesi nye nyawo! Nye Paulo, mele egblɔm na mi be ne mieɖe wotso aʋa na mi la, ekema viɖe aɖeke manɔ Kristo ŋu na mi o. 3 Megale egblɔm ake na ame sia ame si ̃ wotso aʋa la be ele be wòawɔ ɖe se blibo la katã dzi. 4 Mi ame siwo le didim be woatso afia na yewo to se la dzi wɔwɔ me la, woklã mi ɖa tso Kristo gbɔ; amenuveve la bu ɖe mi.

5 Elabena to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me la, míele kpɔm vevie na dzɔdzɔenyenye la le xɔse me. 6 Elabena le Kristo Yesu me la, aʋatsotso alo aʋamatsomatso mate ŋu awɔ naneke o. Ke nu si míehiã la koe nye xɔse si wɔa to lɔlɔ̃ me.

7 Mienɔ du ƒum nyuie hafi. Ke ame kae va flu mi, eye wòxe na mi be miagaɖo to nyateƒe la o? 8 Menye ame si mi lae ƒo nya sia ɖe mia nu o. 9 "Amɔ ʋaʋã sue aɖe nana amɔ blibo la ʋãna."

10 Mele kpɔm le Aƒetɔ la me be miabu nu bubu aɖeke ŋuti o. Ame ka kee le fu ɖem na mi hele mia flum la, Mawu ŋutɔ ahe to .

11 Nɔviwo, ne megale gbeƒã ɖem aʋatsotso ɖe, nu ka ta wogale yonyeme tim ɖo? Ekema woɖe atitsoga la ƒe nuɖiaɖia ɖa.

12 Ɖeko medi vevie be nufiala siwo di be miana woatso aʋa na mi la, woaɖe wo ɖokuiwo ɖa le mia dome, eye woaɖe ɖa le mia ŋu kpoo.

Agbenɔnɔ le Gbɔgbɔ la me

13 Elabena nɔvinyewo, woyɔ mi, eye wona ablɔɖe mi. Ke ablɔɖe la magana mianɔ agbe le ŋutilã nu o; ke boŋ be miave mia nɔewo nu le ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ me. 14 Elabena wowu se blibo la katã nu to se ɖeka sia dzi wɔwɔ me, si nye, "̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene." 15 Ke ne mieɖe ɖeklemi, eye miewɔ dzre kple mia nɔewo la, mikpɔ nyuie be miagagblẽ nu le mia nɔewo ŋu o.

16 Eya ta mele egblɔm be minɔ agbe le Gbɔgbɔ la me, ale be miagawɔ ɖe ŋutilã ƒe nudzodzrowo dzi o.

17 Elabena ŋutilã la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ la ŋu, eye Gbɔgbɔ la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe ŋutilã la ŋu. Wole avu wɔm kple wo nɔewo, ale be miate ŋu awɔ nu si miedi be miawɔ la o. 18 Ke ne Gbɔgbɔ la le mia kplɔm la, miegale se la te o.

19 Ke ŋutilã ƒe nudzodzrowo dze ƒãa. Woawoe nye: matrewɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze, 20 trɔ̃subɔsubɔ, adzewɔwɔ, fuléle, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ɖokuitɔdidi, nu masɔmasɔ, mamawo, 21 ŋubiabiã, ahamumu, aglotutu ̃wo kple esia tɔgbiwo. Mele nu xlɔ̃m mi, abe ale si mexlɔ̃ nu mi va yi ene la be ame siwo nɔa agbe alea la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.

22 Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ, 23 tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. Se la metsi tsitre ɖe nu siawo ŋuti o. 24 Ame siwo nye Kristo Yesu la klã woƒe ŋutilã kple eƒe nudzodzro ̃wo ɖe ati ŋuti. 25 Esi míele agbe le Gbɔgbɔ la me la, mina míazɔ le eƒe kpɔkplɔ te. 26 Mígana dada nayɔ mía me o, mígado dziku na mía nɔewo o, eye mía nɔewo ƒe nu megave me na o.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-