Pular para o conteúdo
Publicidade

Galatiatɔwo 6:1-5

Miwɔ nyui na amewo katã

1 Nɔviwo, ne ame aɖe dze nu vɔ̃ me la, mi ame siwo Gbɔgbɔ la kplɔna la, miɖɔ ame ma ɖo le dɔmefafa me. Ke miɖɔ ŋu ɖo, be woagate miawo hã kpɔ o. 2 Mitsɔ mia nɔewo ƒe agbawo, eye le esia wɔwɔ me la, miawu Kristo ƒe se la nu. 3 Ne ame aɖe bu be yenye nane, evɔ menye naneke o la, eble eɖokui.

4 Ame sia ame nado eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo kpɔ, ekema woate ŋu aƒo adegbe le wo ɖokuiwo ɖeɖe ko me, ke menye be woatsɔ wo ɖokuiwo asɔ kple ame bubu aɖeke o, 5 elabena ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.