Nya la trɔ zu ŋutilã
1 Le gɔmedzedzea me la, Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya lae nye Mawu. 2 Eli kple Mawu le gɔmedzedzea me.
3 To eya me wowɔ nuwo katã, eye eya manɔmee la, womewɔ naneke si wowɔ la o. 4 Eya me agbe le, eye agbe siae nye amegbetɔwo ƒe kekeli. 5 Kekeli la klẽ ɖe viviti me, eye viviti la mete ŋu ɖu edzi o.
6 Ame aɖe va dzɔ si Mawu dɔ ɖo ɖa. Eŋkɔe nye Yohanes. 7 Ame sia va be yeaɖi ɖase tso kekeli la ŋu, ale be to eya dzi la, amewo katã naxɔe ase. 8 Menye Yohanes ye nye kekeli la o. Eya la, ɖeko wòva be yeaɖi ɖase le kekeli la ŋu.
9 Kekeli vavã si klẽna na amewo katã la gbɔna va xexea me. 10 Enɔ xexea me, gake xexea me mekpɔe dze sii o, evɔ eya dzi woto wɔ xexea me. 11 Eva eya ŋutɔ tɔwo gbɔ, gake eya ŋutɔ ƒe amewo mexɔe o. 12 Ke ame siwo katã xɔe, eye woxɔ eƒe ŋkɔ dzi se la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu ƒe viwo, 13 ame siwo womedzi tso ʋu alo ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o, ke boŋ tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me.
14 Nya la trɔ zu ŋutilã va nɔ mía dome, eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒe la. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ.
Yohanes ɖi ɖase tso Yesu ŋu
(Marko 3:1-12; Marko 1:2-8; Luka 3:15-17)
15 (Yohanes ɖi ɖase tso eŋuti gblɔ be, "Ame siae nye ame si ŋu menɔ nu ƒom le, esi megblɔ be, ‘Ame aɖe si li xoxoxo hafi meva dzɔ la gbɔna, ame sia de ŋgɔ wum sãa.’ ") 16 Ena yayra geɖe mí tso eƒe amenuveve sɔ gbɔ la me. 17 Se la to Mose dzi va, ke Yesu Kristo ya tsɔ amenuveve kple nyateƒe la vɛ. 18 Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ame si nye Via ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nɔ anyi ɖe Fofo la ƒe axadzi la, eyae ɖee fia mí.
Yohanes Mawutsidetanamela Ƒe Gbedeasi
(Mateo 3:1-12; Marko 1:2-8; Luka 3:15-17)