14 Nya la trɔ zu ŋutilã va nɔ mía dome, eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒe la. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ.
Yohanes ɖi ɖase tso Yesu ŋu
(Marko 3:1-12; Marko 1:2-8; Luka 3:15-17)
15 (Yohanes ɖi ɖase tso eŋuti gblɔ be, "Ame siae nye ame si ŋu menɔ nu ƒom le, esi megblɔ be, ‘Ame aɖe si li xoxoxo hafi meva dzɔ la gbɔna, ame sia de ŋgɔ wum sãa.’ ") 16 Ena yayra geɖe mí tso eƒe amenuveve sɔ gbɔ la me. 17 Se la to Mose dzi va, ke Yesu Kristo ya tsɔ amenuveve kple nyateƒe la vɛ.