11 "Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Alẽkplɔla nyui la tsɔ eƒe agbe na ɖe alẽawo ta. 12 Ke apadɔwɔla si woxɔ be wòakpɔ alẽawo dzi la, ne ekpɔ amegaxi wògbɔna la, esina, elabena alẽawo menye etɔ o. Ale amegaxi la dzea alẽawo dzi, eye wokakana gbẽe. 13 Apadɔwɔla la sina, elabena ɖeko wodɔe be wòakpɔ alẽawo dzi, eye metsɔa ɖeke le eme na alẽawo o.
Publicidade