6 Esi wòɖo Simɔn Petro dzi be wòaklɔ eƒe afɔwo nɛ la, Petro biae be, "Aƒetɔ, ɖe nèbe yeaklɔ nye afɔwoa?"
7 Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Màse nu si ta mele ewɔm la gɔme fifia o, gake àva se egɔme emegbe."
8 Petro gblɔ be, "Gbeɖe, màklɔ nye afɔwo ŋuti o."
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Ne nyemeklɔ wò afɔwo o la, ekema màkpɔ gome aɖeke tso gbɔnye o."