9 Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Filipo, ke va se ɖe fifi hã la, mènya ame si ƒomevi menye o. Ke esi meli kpli mi ŋkeke siawo katã hã mienyam kpɔ oa? Ame si kpɔm la, Fofo lae nye ema wòkpɔ. Ke nu ka ta miegale didim be, ‘Mafia Fofo la mi ɖo?’ 10 Ɖe miexɔe se be mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye oa? Nya siwo katã megblɔna la menye nye ŋutɔ nye nyawoe o, ke boŋ Fofonye si le menye la ƒe nyawoe. Fofo la wɔa eƒe dɔwo to dzinye.
Publicidade