Yesue nye wainti vavã la
1 "Nyee nye Wainti vavã la, eye Fofonyee nye Agbletɔ la. 4 Minɔ menye, eye nye hã manɔ mia me. Wainti ƒe alɔdze aɖeke mate ŋu atse ku nenye be wolãe ɖa tso wainti la ŋu o, eya ta miawo hã, nye manɔmee la, miate ŋu atse ku aɖeke o.
5 "Nyee nye wainti la, eye miawoe nye alɔdzeawo. Ame si le menye, eye nye hã mele eme la, atse ku nyui geɖe, elabena nye manɔmee la, miate ŋu awɔ naneke o. 7 Ke ne miele menye, eye nye nyawo le mia me la, nu sia nu si miabia la, woawɔe na mi.
16 Menye miawoe tiam o, ke boŋ nyee tia mi, eye ɖe metia mi be miayi aɖatse ku, kutsetse siwo anɔ anyi ɖaa. Eye Fofo la ana nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la mi.