Publicidade

João 17

Yesu do gbe ɖa ɖe eɖokui ta

1 Esi Yesu gblɔ nya siawo la, ewu mo dzi, do gbe ɖa gblɔ be,

"Fofo, ɣeyiɣi la de azɔ. Ɖe Viwò la ƒe Ŋutikɔkɔefia ne Viwò naɖe ŋutikɔkɔe afia. 2 Elabena èna ŋusẽe ɖe amegbetɔwo katã dzi le xexea me, be wòana agbe mavɔ ame sia ame si nètsɔ la. 3 Ale si ame awɔ akpɔ agbe mavɔ lae nye be wòanya Mawu vavã ɖeka ̃ɔ la, eye wòaxɔ Yesu Kristo, ame si nèɖo ɖe xexea me dzi ase. 4 Meɖe Ŋutikɔkɔe fia le anyigba dzi to siwo nède asi nam la nuwuwu me. 5 Azɔ la, Fofo, ɖe ŋutikɔkɔe fiam le ŋkume to ŋutikɔkɔe si nènam le gbɔwò hafi xexea me dze egɔme la me.

Yesu do gbe ɖa ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta

6 "Megblɔ ame si ƒomevi nènye la na ame siwo nènam le xexea me la. Tɔwòwoe wonye; ètsɔ wo nam, eye wowɔ ɖe nyawo dzi. 7 Azɔ wonya be nu sia nu si nètsɔ nam la tso gbɔwò, 8 elabena nya si nède asinye la metsɔe na wo, eye woxɔe. Wonyae kɔtɛe be metso gbɔwò, eye woxɔe se be wòe dɔm ɖo ɖa. 9 Medo gbe ɖa ɖe wo ta; nyemele gbe dom ɖa ɖe xexea me ta o. Ame siwo nètsɔ nam la tae medo gbe ɖa ɖo, elabena tɔwòwoe wonye. 10 Nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye woawo mee woɖe nye Ŋutikɔkɔe fia le. 11 Azɔ mele dzodzo ge le xexea me ava gbɔwò, gake wogale xexea me. Fofo kɔkɔe, kpɔ wo ta to ŋusẽ kple ŋkɔ me, ŋkɔ si nènam be woawɔ ɖeka abe ale si nye kpli miewɔ ɖekae ene. 12 Esi menɔ wo gbɔ la, mekpɔ wo ta, eye mena be wole dedie to ŋkɔ si nènam la me. Wo dometɔ aɖeke mebu o, negbe wo dometɔ si woɖo be woatsrɔ̃ la ko, be ŋɔŋlɔ la nava eme.

13 "Ke azɔ la, megbɔna gbɔwò, gake mele nya siawo gblɔm esi megale xexea me, be nye dzidzɔ blibo la katã nanɔ wo me. 14 Megblɔ nyawo na wo, eye xexea me fu wo, elabena womeganye xexea me tɔwo o, abe ale si nye nyemetso xexea me o ene. Nenema ke nye nye agbenɔnɔ mesɔ kple xexea me tɔwo ƒe agbenɔnɔ o. 15 Fofo, nyemele biabiam be nàɖe wo le xexea me o, ke boŋ nàkpɔ wo ta tso ̃ɖitɔ la ƒe asi me. 16 Wometso xexea me o, abe ale si nye nyemetso xexea me o ene. 17 wo ŋu kple nyateƒe la, elabena nya la nye nyateƒe. 18 Abe ale si nèdɔm ɖe xexea me ene la, nye mele wo dɔm ɖe xexea me. 19 Mekɔ ɖokuinye ŋu ɖe wo ta, bena woakɔ woawo ŋu le nyateƒe la me."

Yesu do gbe ɖa ɖe xɔsetɔwo katã ta

20 "Nyemele gbe dom ɖa ɖe woawo ɖeɖe ko ta o, ke mele gbe dom ɖa ɖe ame siwo ava dzinye ase to woƒe mawunyagbɔgblɔ me la ta, 21 be wo katã woanɔ ɖeka abe ale si , Fofo la, nèle menye, eye nye mele mewò ene. Na woawo nanɔ mía me, be xexea me naxɔe ase be wòe dɔm. 22 Metsɔ ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam la na wo; wo ameawo nenɔ ɖeka le nu sia nu me, be xexea me nanyae be wòe dɔm, eye nèlɔ̃ woawo abe ale si nèlɔ̃m ene. 23 Ne mele wo me, eye nèle menye la, mi katã miade blibo le ɖekanyenye me, ale be xexea me nanya be wòe dɔm eye nèlɔ̃ woawo abe ale si nèlɔ̃m ene.

24 "Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe. Wòe na ŋutikɔkɔe siam, elabena èlɔ̃m vevie hafi xexea me va dzɔ.

25 "Fofo dzɔdzɔetɔ, togbɔ be xexea me menya o la, menya , eye nusrɔ̃la siawo nya be, wòe dɔm. 26 Meɖe ame si nènye la fia wo, eye mayi edzi ana woanya , bena lɔlɔ̃ si nètsɔ nam la nanɔ woawo me, eye nye manɔ wo me."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-