19 Nyɔnu la gblɔ be, "Aƒetɔ, mexɔe se be Nyagblɔɖilae nènye. 20 Nu ka ta mi Yudatɔwo miegblɔna be Yerusalem kokoko wòle be woasubɔ Mawu le, evɔ mí Samariatɔwo hã míebe ele be woasubɔ Mawu le to sia dzi, elabena afi siae mía tɔgbuiwo subɔ Mawu le?"
21 Yesu gblɔ nɛ be, "Nyɔnu, xɔ dzinye se be ɣeyiɣi aɖe gbɔna, esi womagasubɔ Fofo la le to sia dzi alo le Yerusalem o. 22 Mi Samariatɔwo la, miesubɔa nu si mienya o, ke míawo la, míesubɔa nu si míenya, elabena xɔxɔ la tso Yudatɔwo gbɔ. 23 Gake ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye wòde azɔ be nyateƒe subɔsubɔwɔlawo woasubɔ Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena Fofo la dia subɔla siawo tɔgbi. 24 Mawu nye Gbɔgbɔ, eye ame siwo le esubɔm la, ele be woasubɔe le gbɔgbɔ kple nyateƒe me."
25 Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, "Menya be Mesia" (si woyɔna be Kristo la) "le vava ge. Ne eva la aɖe nu sia nu gɔme na mí."
26 Yesu gblɔ nɛ be, "Nyee."