Pular para o conteúdo
Publicidade

Yohanes 8:31-36

Nyateƒe la awɔ mi ablɔɖeviwoe

31 Yesu gblɔ na Yudatɔ siwo xɔ edzi se la be, "Ne mielé nye nufiafiawo me ɖe asi la, ekema mianye nye nusrɔ̃la vavãwo. 32 Mianya nyateƒe la hã, eye nyateƒe la awɔ mi ablɔɖeviwoe."

33 Ameawo ɖo eŋu nɛ be, "Míawo la, Abraham ƒe dzidzimeviwoe míenye, eye míenye kluviwo na ame aɖeke kpɔ o. Nu ka ta nègblɔ be, míazu ablɔɖeviwo ɖo?"

34 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la nye nu vɔ̃ ƒe kluvi. 35 Kluviwo la, gomekpɔkpɔ aɖeke meli na wo le ƒomea me o, gake gomekpɔkpɔ li na aƒea tɔ ƒe vi la tegbee. 36 Eya ta ne Vi la na miekpɔ ablɔɖe la, ekema miezu ablɔɖeviwo vavã.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.