Pular para o conteúdo
Publicidade

Marko 10:35-45

35 Azɔ Yakobo kple Yohanes, Zebedeo ƒe viwo va egbɔ, va do dalĩ nɛ be, "Aƒetɔ, míedi be nàwɔ nane na mí."

36 Yesu bia wo be, "Nu ka dim miele?"

37 Woɖo eŋu nɛ be, "Míedi be míanɔ wò nuɖusime kple wò miame le wò fiaɖuƒe la me. Ame ɖeka nanɔ wò ɖusime eye ame evelia nanɔ wò miame."

38 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Mienya nu si biam miele o. Miate ŋu ano nu tso fukpekpe ƒe kplu veve si no ge mala la me, eye miate ŋu anɔ te ɖe fukpekpe ƒe tsideta si de ge wole ta nam la hã nua?"

39 Woɖo eŋu nɛ be, "Ɛ̃, míate ŋui."

Yesu gblɔ na wo be, "Anɔ eme be miate ŋu ano nu tso kplu veve si me mele nu no ge le la me, eye miate ŋu axɔ tsideta veve si xɔ ge mala, 40 gake ŋusẽ mele asinye be maɖo mi zikpuiwo dzi le nye nuɖusime kple nye miame o, elabena wodzra wo ɖo ɖi na ame siwo wotia da ɖi la ko."

41 Nusrɔ̃la ewo mamlɛawo se nya si Yakobo kple Yohanes ɖabia Yesu, ale wodo dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie. 42 Le esia ta Yesu yɔ wo va eɖokui gbɔe hegblɔ na wo be, "Abe ale si mienya ene la, dukɔwo ƒe kplɔlawo ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye woƒe amegãwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi, 43 gake meganɔ nenema le miawo ya dome o. Ame si di be yeanye amegã le mia dome la, ele nɛ be wòanye mi katã ƒe subɔla, 44 eye ame si di be yeanye amewo katã ƒe tatɔ la, ele nɛ be wòanye woƒe kluvi, 45 elabena Amegbetɔ Vi la meva be ame aɖeke nasubɔ ye o. Ke boŋ be wòasubɔ amewo, eye be yeatsɔ yeƒe agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta."

Yesu yɔ dɔ Bartimeo, ŋkuagbãtɔ la

(Mateo 20:29-34; Luka 18:35-43)

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.