6 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Nyateƒe ŋutɔe Yesaya to esi wògblɔ nya ɖi tso mi alakpatɔ siawo ŋuti; abe ale si woŋlɔe ɖi ene be,
" ‘Ame siawo le kafuyem kple woƒe nuyiwo,
ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.
7 Woƒe subɔsubɔ nye dzodzro,
elabena woƒe nufiafiawo nye amewo ƒe sededewo ko.’
8 Elabena miegbe nu le Mawu ƒe ɖoɖo vavãwo gbɔ hewɔa mia ŋutɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi.