Pular para o conteúdo
Publicidade

Mateo 1

Yesu Kristo ƒe dzidzime

1 Yesu Kristo nye Abraham kple Fia David ƒe dzidzimevi; eƒe dzidzimegbalẽ lae nye esi:

2 Abraham dzi Isak,

Isak dzi Yakob,

eye Yakob dzi Yuda kple nɔviawo,

3 Yuda dzi Perez kple Zera, ame siwo dadae nye Temar,

Perez dzi Hezron,

Hezron dzi Ram,

4 Ram dzi Aminadab,

Aminadab dzi Naheson,

Nahson dzi Salmon,

5 Salmon dzi Boaz, ame si dadae nye Rahab.

Boaz dzi Obed, ame si dadae nye Rut.

Obed dzi Yese.

6 Yese dzi Fia David,

David dzi Solomo, ame si dadae nye Uria srɔ̃ kpɔ.

7 Solomo dzi Rehoboam,

Rehoboam dzi Abiya,

eye Abiya dzi Asa.

8 Asa dzi Yehosafat,

Yehosafat dzi Yoram,

Yoram dzi Uzia,

9 Uzia dzi Yotam,

Yotam dzi Ahaz,

Ahaz dzi Hezekia,

10 Hezekia dzi Manase,

Manase dzi Amon,

Amon dzi Yosia.

11 Yosia dzi Yekonia kple nɔviawo le esime woɖe aboyo Israel dukɔa yi Babilonia.

12 Le aboyomenɔnɔ le Babilonia megbe la,

Yekonia dzi Sealtiel,

Sealtiel dzi Zerubabel,

13 Zerubabel dzi Abihud,

Abihud dzi Eliakim,

eye Eliakim dzi Azɔ.

14 Azɔ dzi Zadok,

Zadok dzi Akim,

Akim dzi Elihud,

15 Elihud dzi Eleaza,

Eleaza dzi Matan,

Matan dzi Yakob,

16 eye Yakob dzi Yosef, ame si nye Maria, Yesu Kristo dada srɔ̃.

17 Ale tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi la, dzidzimeawo katã le wuiene, eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esime woɖe aboyo Israel yi Babilonia la, dzidzimeawo le wuiene, nenema ke tso aboyomenɔɣi va se ɖe Kristo dzi le dzidzime wuiene.

Veja também