Publicidade

Mateus 14

Tatsotso le Yohanes nu

1 Fia Herod se Yesu ŋkɔ 2 ale wògblɔ na eƒe amewo be, "Edze ƒãa be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, eya ta wòte ŋu le nukunu geɖe siawo wɔm ɖo."

3 Azɔ la, Herod na wolé Yohanes, eye woblae de gaxɔ me le Herod, nɔvia Filipo srɔ̃ ta, 4 elabena Yohanes he nya ɖe Herod ŋu be mele se nu be wòaxɔ nɔvia Filipo srɔ̃ aɖe o. 5 Herod di be yeawu Yohanes, gake enɔ vɔvɔ̃m be ʋunyaʋunya ava dzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.

6 Gbe ɖeka la, Herod dzigbezã ɖum, eye Herod ƒe vinyɔnuvi va ɖu ɣe le ame kpekpeawo ŋkume. Eƒe ɣeɖuɖu nya kpɔ na Herod ŋutɔ, 7 eya ta edo ŋugbe be yeana nu sia nu si nyɔnuvi la abia ye lae. 8 Nyɔnuvia bia nu si wòabia la dadaa. Dadaa gblɔ be nebia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta. Ale wòva do ɖe fia gbɔ gblɔ be, "Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim le agba me." 9 Nya sia te ɖe fia la dzi ŋutɔ, gake le atam si wòka ta la, medi be yeaɖu ŋukpe le eƒe ame kpekpeawo ŋkume o, ale wòɖe gbe be woatso ta le Yohanes nu akɔ . 10 Ale woyi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ me, 11 tsɔ de agba me tsɔ na nyɔnuvi la, eye wòkɔe yi na dadaa. 12 Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nya la, eye woyi ɖaxɔ eƒe kukua ɖaɖi. Emegbe la, woyi ɖaka nya la ta na Yesu.

Yesu nyi ame akpe atɔ̃

13 Esi Yesu se nya sia la, eya ɖeka ge ɖe ʋu aɖe me dzo le afi ma, eye wòyi ɖaɣla eɖokui ɖe teƒe tsoabo aɖe. Ke ameawo kpɔ afi si wòɖo tae la, eya ta wo dometɔ geɖewo tso kɔƒe vovovowo me to afɔ dze eyome.

14 Ale esi wotrɔ va ƒua ta la, ekpɔ be ame gbogbo aɖewo ye lalam. Woƒe nu nublanui ŋutɔ, eya ta eda gbe le dɔnɔ siwo le wo dome la ŋu.

15 Esi dodom la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va gblɔ be, "Afi sia la, gbedzie; naneke meli ame naɖu o, evɔ la, fiẽnuɖuɣi va yi xoxo, eya ta ɖe asi le ameha la ŋu ne woayi kɔƒe siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖaƒle nuɖuɖu."

16 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Mehiã be woayi aɖaƒle nuɖuɖu o, miawo midi nuɖuɖu na wo woaɖu!"

17 Nusrɔ̃lawo do ɣli gblɔ be, "Nu ka, abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve koe le mía si le afi sia!"

18 Yesu gblɔ na wo be, "Mitsɔ wo ."

19 Azɔ ebia tso ameha la si be woanɔ anyi ɖe gbea dzi. Ale wòtsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve la, eye wòwu mo dzi hedo gbe ɖa ɖe wo dzi. Emegbe la, eŋe wo me tsɔ na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. 20 Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie, eye esi woƒo nuɖuɖu wuwlui mamlɛawo nu ƒu la, woyɔ kusi wuieve sɔŋ. 21 Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme ŋutsu akpe atɔ̃ (5,000), nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o.

Yesu ƒu dzi

22 Le esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋua me atso ƒu la, ke ye la, yeanɔ anyi ado ameha la woayi aƒe me. 23 Esi wòdo ameawo wodzo la, eya ɖeka yi togbɛawo dzi be yeado gbe ɖa. Enɔ teƒe sia va se ɖe fiẽ me, 24 ke afi si tɔdziʋu la ɖo la didi tso gota gbɔ, eye ƒutsotsoewo enyamam, elabena ya ƒoƒom henɔ ʋu la kpem.

25 Anɔ abe fɔŋli ga ene me lɔƒo ene la, Yesu ƒua dzi yina wo gbɔ. 26 Esi nusrɔ̃lawo kpɔe wònɔ ƒua dzi zɔm la, vɔvɔ̃ ɖo wo. Tete wodo ɣli be, "Ŋɔlie."

27 Yesu ƒo nu na wo enumake, eye wòde dzi ƒo na wo gblɔ be, "Nyee, migavɔ̃ o; miaƒe dzi nedze eme."

28 Petro gblɔ be, "Aƒetɔ, nenye tututue la, na nye mazɔ tsia dzi ava gbɔwò."

29 Yesu gblɔ be, "Enyo, va."

Ale Petro ɖi ɖe tsia me le ʋua xa, eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ. 30 Ke esi wònye kpɔ ale si ƒutsotsoeawo nyanyram la, vɔvɔ̃ ɖoe, eye wode asi toyiyi me. Ale wòdo ɣli sesĩe be, "Aƒetɔ, ɖem!"

31 Yesu do asi ɖa enumake, eye wòhee ɖe go. Azɔ egblɔ be, "O, xɔse ʋɛ , nu ka ta nèke ɖi mahã?"

32 Esi ame eveawo ge ɖe ʋua me ko la, yaƒoƒo la zi ɖeka.

33 Nusrɔ̃la mamlɛa siwo le tɔdziʋua me la dze klo hegblɔ be, "Mawu ƒe Vie nènye vavã!"

Yesu da gbe le dɔnɔwo ŋu le Genezaret

34 Azɔ wotso ƒu la va do ɖe Genesaretnyigba la dzi. 35 Woƒe vava ɖi hoo le dua katã me. Amewo kpɔ Yesu dze sii, eye wonɔ tsatsam gbeƒã ɖem be amewo nakplɔ woƒe dɔnɔwo wòada gbe le wo ŋu. 36 Dɔnɔ aɖewo va ɖe kuku na Yesu be yewoaka asi eƒe awu to ko, eye ame siwo katã ka asi eƒe awu to la kpɔ dɔyɔyɔ.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-