Kanan nyɔnu la ƒe xɔse
21 Yesu dzo le nuto ma me, eye wòzɔ mɔ kilomita blaenyi sɔŋ yi Tiro kple Sidon nutowo me. 22 Kanan nyɔnu aɖe si le afi ma la va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be, "O, Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nye nublanui! Gbɔgbɔ vɔ̃ ge ɖe vinye nyɔnuvi me, eye wòwɔa fui ɣe sia ɣi."
23 Ke Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o; mekpe kpe dee hã o. Eƒe nusrɔ̃lawo va ƒoe ɖe enu be nenyae wòadzo. Wogblɔ be, "Gblɔ nɛ be nedzo, elabena eƒe ɣlidodo le to me vem na mí."
24 Yesu gblɔ na nyɔnu la be, "Ɖe Mawu dɔm be mava Israel dukɔ si le abe alẽ bubu ene la ko gbɔ."
25 Ke nyɔnu la te ɖe eŋu kpokploe hede ta agu nɛ gaɖe kuku nɛ be, "Aƒetɔ, ve nunye ko!"
26 Yesu gblɔ nɛ be, "Menyo be maxɔ nuɖuɖu le ɖeviwo si atsɔ na avuwo o."
27 Nyɔnu la ɖo eŋu be, "Ɛ̃, Aƒetɔ, ele eme nenema, gake avuvi siwo le kplɔ̃ te la ɖua abolo wuwlui siwo gena ɖe anyigba tso woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi."
28 Yesu gblɔ nɛ be, "Nyɔnu, wò xɔse lolo ŋutɔ! Nu si dim nèle la neva eme na wò." Eye enumake via nyɔnuvi la ƒe lãme sẽ.