Ame kae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?
1 Le ɣeyiɣi sia me la, nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, "Ame kae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?"
2 Yesu yɔ ɖevi sue aɖe va eɖokui gbɔ, eye wòtsɔe ɖo nusrɔ̃lawo ƒe ŋkume. 3 Azɔ egblɔ na wo be, "Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe metsri nu vɔ̃, eye wòtrɔ ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se abe ɖeviwo ene o la, mage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, 4 eya ta ame si bɔbɔ eɖokui abe ɖevi sue sia ene la, eyae age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. 5 Eye mia dometɔ si axɔ ɖevi aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ema wòxɔ.
10 "Mikpɔ nyuie be miagado vlo ɖevi sue siawo dometɔ aɖeke o, elabena woƒe mawudɔlawo le Fofonye ƒe ŋkume le dziƒo ɣe sia ɣi. [