Publicidade

Mateus 18

Ame kae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?

1 Le ɣeyiɣi sia me la, nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, "Ame kae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?"

2 Yesu ɖevi sue aɖe va eɖokui gbɔ, eye wòtsɔe ɖo nusrɔ̃lawo ƒe ŋkume. 3 Azɔ egblɔ na wo be, "Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe metsri nu ̃, eye wòtrɔ ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se abe ɖeviwo ene o la, mage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, 4 eya ta ame si bɔbɔ eɖokui abe ɖevi sue sia ene la, eyae age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. 5 Eye mia dometɔ si axɔ ɖevi aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ema wòxɔ. 6 Ke nenye be mia dometɔ aɖe ana ɖevi sue siawo dometɔ aɖe nabu xɔse si le eme ɖe ŋunye la, anyo na ame ma wu ne woatsɔ kpe aɖe atsi ɖe , atsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wòano tsi aku boŋ.

Yesu ƒo nu le nuɖiaɖianana ŋu

7 "Baba na xexea me le nu siwo nana amewo wɔa nu ̃ la ta! Nu siawo ava eme tsã, gake baba na ame si dzi woato ava la! 8 Nenye asi alo afɔe nana be nèwɔa nu ̃ la, lãe ɖa ne nàtsɔe aƒu gbe. Anyo na be nàyi dziƒo kple asi alo afɔ lalɛ̃ wu be asi eve kple afɔ eve nanɔ asiwò, eye woatsɔ aƒu gbe ɖe dzomavɔ me. 9 Nenye be ŋkue nana be nèwɔa nu ̃ la, hoe le eƒe to me ƒu gbe. Anyo na be nàyi dziƒo kple ŋku ɖeka tsɔ wu be ŋku eve nanɔ asiwò, eye nàyi dzomavɔ me.

Lododo le alẽ bubu la ŋuti

10 "Mikpɔ nyuie be miagado vlo ɖevi sue siawo dometɔ aɖeke o, elabena woƒe mawudɔlawo le Fofonye ƒe ŋkume le dziƒo ɣe sia ɣi. [ 11 Amegbetɔ Vi la va be yeaɖe ame siwo bu la.]

12 "Nenye be alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si, eye ɖeka bu la, aleke wòawɔ? Ɖe magble alẽ blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ mamlɛawo ɖi ayi aɖadi ɖeka si bu la le togbɛwo dzi oa? 13 Vavã mele egblɔm na mi bena nenye be wòkpɔ alẽa ɖe, makpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe ɖe eŋu tsɔ wu blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ siwo le dedie le aƒe la oa? 14 Nenema ke menye Fofonye si le dziƒo ƒe didi be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu o.

Nɔvi si dze agɔ le dziwò

15 "Nenye be nɔviwò aɖe dze agɔ le dziwò la, yi egbɔ dzaa ne nàɖe nu si wòwɔ la fiae. Nenye be ese eɖokui gɔme, eye wòɖo to la, ekema èɖe nɔviwò sia ƒe agbe. 16 Ke nenye be wògbe meɖo to o la, kplɔ nɔviwò bubu ɖeka alo eve ɖe asi ne miayi egbɔ ake, be ame siawo naɖu ɖasefo na . 17 Nenye be wògbe esia la, tsɔ nya la yi na hame la, eye ne hame la tso afia na , gake melɔ̃ ɖe edzi o la, mibu eya amea abe trɔ̃subɔla alo nudzɔla ko ene.

18 "Nyateƒe, mele egblɔm na mi be nu sia nu si miabla le anyigba dzi la anɔ babla le dziƒo, eye nu sia nu si miatu le anyigba dzi la anɔ tutu le dziƒo.

19 "Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ne mi ame eve miewɔ ɖeka le anyigba dzi bia nane Fofonye si le dziƒo la, awɔe na mi. 20 Elabena afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le nye ŋkɔ me la, manɔ wo dome."

Lododo le dɔla si metsɔ nu ̃ ke o la ŋuti

21 Azɔ Petro te ɖe eŋu, eye wòbiae be, "Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye ada vo ɖe ŋutinye, eye matsɔe akee? Zi adrea?"

22 Yesu ɖo eŋu be, "Gbeɖe, menye zi adre o, ke boŋ zi blaadre teƒe adre."

23 Azɔ Yesu do lo sia be, "Dziƒofiaɖuƒe la kple fia aɖe si di be yeawɔ akɔnta kple eƒe dɔlawo la. 24 Esi wònɔ akɔnta la wɔm la, wokplɔ eƒe fenyila ɖeka ; ame sia nyi fe sidi akpe akpewo le esi. 25 Fenyila la mate ŋu axe fe la o, eya ta fia la ɖe gbe be woadzra ŋutsu sia srɔ̃, viawo kple woƒe nu sia nu atsɔ axe fe lae.

26 "Ke dɔla la dze klo ɖe fia la ƒe akɔme ɖe kuku be, O, Aƒetɔ, meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam vie, ne mava xe fe la katã na emegbe.27 Dɔla la ƒe nu nublanui na fia la ale gbegbe be eɖe asi le eŋu, eye wòtsɔ fe si wònyi la kee.

28 "Ke esi dɔla sia do go yina la, edo go ehavi dɔla bubu, ame si nyi sidi alafa aɖewo ko ƒe fe le esi. Eti kpo dze edzi helé awu ɖe , eye wòbia tso esi be, Xe fe si nènyi le asinye la nam!

29 "Ŋutsu sia dze klo ɖe kuku be, Meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam vie ekema maxe fe la katã na .

30 "Gake ŋutsu ̃ɖi sia gbe asiɖeɖe le fenyila la ŋuti, eye wòna wolée de va se ɖe esime wòaxe fe la katã . 31 Ŋutsu nublanuitɔ sia xɔlɔ̃ aɖe kpɔ nu si dzɔ la, eye wòyi ɖagblɔ nya la na fia la.

32 "Fia la ŋutsu ̃ɖi si wòtsɔ fe kee la va egbɔ, eye wògblɔ be, , dɔla ̃ɖi tagbɔsesẽtɔ! Nye ya metsɔ fe gbogbo si nènyi le asinye la ke esi neɖe kuku nam. 33 Nu ka ta màkpɔ nublanui na amewo abe ale si nye mekpɔ nublanui na ene o?34 Fia la do dɔmedzoe ɖe ŋutsu sia ŋu vevie, eye wòna wodee gaxɔ me, afi si fukpekpe le, be wòanɔ afi ma va se ɖe esime wòaxe fe siwo katã wònyi la, pesewa afã masusɔ o.

35 "Alea tututu Fofonye si le dziƒo la awɔ na mi nenye be mietsɔ nu ̃wo ke mia nɔewo tso miaƒe dzi me o."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-