Pular para o conteúdo
Publicidade

Mateus 21

Yesu yi Yerusalem abe dziɖula ene

1 Esi wòsusɔ vie Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo naɖo Yerusalem la, wova ɖo du aɖe si woyɔna be Betfage si le Amito la ŋu la me. Le afi sia la, Yesu eƒe nusrɔ̃la eve ɖo ɖe kɔƒe aɖe si le wo ŋgɔ la me.

2 Egblɔ na wo be, "Ne miege ɖe kɔƒea me ko la, miakpɔ tedzinɔ aɖe kple via le ka me. Mitu ka wo, eye miakplɔ wo . 3 Ne ame aɖe bia gbe mi la, migblɔ ko be, Aƒetɔ lae le wo hiãm, eye ne miegblɔ esia la, womagabia nya aɖeke mi o.’ "

4 Wowɔ esia be woawu nyagblɔɖi si wogblɔ da ɖi le blema ke la nu be,

5 "Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la be,

Fia la gbɔna gbɔwò,

edo tedzi kple tedzivi si nye dɔwɔlã!’ "

6 Nusrɔ̃la eveawo ɖe Yesu ƒe gbe dzi, 7 eye woyi ɖakplɔ tedziawo . Azɔ wotsɔ woƒe awuwo ɖo ɖe tedziawo dzi, eye Yesu wo dzi. 8 Ame geɖewo ŋutɔ le ameha la dome tsɔ woƒe avɔwo kple awuwo ɖo ɖe mɔtata dzi le eŋgɔ; bubuwo ŋe deʋayawo kple atilɔwo ɖo ɖe eŋgɔ be wòazɔ wo dzi. 9 Ameha la ƒe akpa aɖe dze eŋgɔ, eye bubu kplɔe ɖo kplikplikpli ɣli dom be,

"Hosana na Fia David ƒe Vi la!"

"Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!"

"Hosana le dziƒo ʋĩi!"

10 Esi Yesu ge ɖe Yerusalem dua me la, zi aɖe ŋutɔ ; ame sia ame kloe biabiam be, "Ame kae nye ame sia mahã?"

11 Ame siwo Yesu ŋu la ɖo eŋu be, "Eyae nye Yesu, Nyagblɔɖila si tso Nazaret le Galilea."

Veja também