Pular para o conteúdo
Publicidade

Mateo 23:1-7

Babadodo na Farisitɔwo kple agbalẽfialawo

1 Tete Yesu gblɔ na ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo be, 2 "Sefialawo kple Farisitɔwo nɔ Mose ƒe zi dzi, 3 eya ta miɖo to wo, eye miawɔ nu sia nu si wogblɔ na mi la, gake migawɔ nu si wowɔna la o, elabena woawo ŋutɔ mewɔna ɖe nu siwo fiam wole la dzi o. 4 Woblaa agba kpekpewo tsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta, gake woawo ŋutɔ mele klalo be yewoatsɔ yewoƒe asibidɛ akpe ɖe ameawo ŋu gɔ̃ hã o.

5 "Nu sia nu si wowɔna la, ɖe wowɔnɛ ko be yewoadze abe ame nyuiwo ene le gota. Woƒe mawunya kpukpui, ŋkuɖodzinu siwo wosana ɖe ŋgonu kple abɔ la kekena wua ame sia ame tɔ, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona be amewo nakpɔ be yewonye ame kɔkɔewo. 6 Wolɔ̃a kplɔ̃tanɔnɔ le nuɖuƒewo, eye wolɔ̃a ŋgɔgbezikpuiwo dzi nɔnɔ le woƒe ƒuƒoƒewo. 7 Ne wole ablɔ dzi yina, eye amewo le ŋkɔ dam ɖe wo dzi be, ‘Nufiala’ kple ‘Aƒetɔ’ la, evivia wo nu ŋutɔ.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.