Pular para o conteúdo
Publicidade

Mateus 25

Lododo le talentomama ŋuti

14 "Dziƒofiaɖuƒe la gasɔ kple Aƒetɔ aɖe si ɖo be yeawɔ mɔzɔzɔ ayi anyigba bubu aɖe dzi la. Hafi wòadzo la, eyɔ eƒe dɔlawo hetsɔ ga home vovovo de asi na wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòatsɔ asi tsam va se ɖe esime yeagbɔ.

15 "Etsɔ sidi akpe atɔ̃ na ame gbãtɔ, tsɔ sidi akpe eve na ame evelia, eye wòtsɔ sidi akpe ɖeka na ame etɔ̃lia. Ema ga la na wo ɖe woƒe ŋutete nu, eye le esia megbe la edzo yi mɔa dzi. 16 Ame si sidi akpe atɔ̃ la de asi asitsatsa me kplii enumake, eye eteƒe medidi hafi wògakpɔ sidi akpe atɔ̃ ɖe gatia dzi o. 17 Ame si sidi akpe eve tsa asi kple etɔ, eye wògakpɔ sidi akpe eve bubu ɖe edzi.

18 "Ke ame si sidi akpe ɖeka la ya yi ɖaɖe do ɖe anyigba, eye wòtsɔ eƒe Aƒetɔ ƒe ga la ɣla ɖe eme be wòanɔ dedie.

19 "Aƒetɔ la trɔ gbɔ le ŋkeke geɖewo megbe, eye wòyɔ dɔlawo be woava na akɔnta tso ga siwo wòtsɔ na wo la ŋuti. 20 Ame si wòtsɔ sidi akpe atɔ̃ na la tsɔ sidi akpe ewo .

21 "Eƒe Aƒetɔ kafui ŋutɔ le eƒe nyui si wòwɔ la ta. Egblɔ na dɔla la be, dɔla nyui, èwɔ nuteƒe ŋutɔ, eya ta tso azɔ dzi la, matsɔ geɖe ade dzikpɔkpɔ te. Va ne nàkpɔ dzidzɔ kplim!

22 "Ame si sidi akpe eve la va gblɔ na Aƒetɔ la be, Aƒetɔ, ètsɔ sidi akpe eve nam, gake megakpɔ sidi akpe eve bubu ɖe edzi.

23 "Aƒetɔ la gblɔ kple dzidzɔ be, nyui aɖee nye ema nèwɔ. Dɔla dzɔdzɔe kple nuteƒewɔlae nènye. Esi nèɖi anukware le ga home sue sia ŋu wɔwɔ me ta la, tso azɔ dzi la, matsɔ ga geɖe ade asi na .

24 "Ame si sidi akpe ɖeka la va do, eye wòdo dzi gblɔ na Aƒetɔ la be, Aƒetɔ, menya be nya ɖe wòsẽ; eŋea nu le afi si mèƒã nu ɖo o, eye nèƒoa nu ƒu le afi si mewu nu ɖo o, 25 ale menɔ vɔvɔ̃m be ne mekpɔ viɖe aɖe ɖe ga la dzi la, àxɔe le asinye bɔbɔe, eya ta metsɔ ga la ɣla ɖe to, eye esi nèva la, mehee ɖe go. Eyae nye esi.

26 "Aƒetɔ la ɖo eŋu kple dɔmedzoe be, Dɔla ̃ɖi kple kuviatɔe nènye; esi nènya be ame sesẽe menye, eye meŋea nu le afi si nyemeƒã nu ɖo o, eye meƒoa nu ƒu le afi si nyemewu nu ɖo o, eye esi nènya be mele viɖe bia ge ɖe ga la dzi la, 27 ele na be nàtsɔ ga la ada ɖe gadzraɖoƒe nam teti be wòahe viɖe vi aɖe nam.

28 " Mixɔ ga la le ame ̃ɖi sia si, eye miatsɔe na ame si si sidi akpe ewo le la, 29 elabena ame si nu si wotsɔ ŋu nyuie la, woagatsɔ nu geɖe akpee , be nu nasɔ gbɔ ɖe esi fũu. Ke ame si meɖia anukware o la, woaxɔ nu suetɔ kekeake si le esi la le esi. 30 Woatsɔ dɔla ɖigbɔ̃ sia aƒu gbe ɖe viviti si do tsiɖitsiɖi la me, afi ma avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.

Veja também